Mateo 19
19
Yesu ƒe nufiafia le srɔ̃gbegbe ŋuti
(Mar 10.1-12)
1Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edzo le Galilea eye wòva Yudea-nutowo me le Yordan-tɔsisi la godo. 2Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le wo ŋu le afi ma.
3Azɔ Farisitɔ aɖewo va egbɔ le etem kpɔ hebiae be: “Ɖe se ɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a le nya sia nya taa?” 4#Mos I, 1.27; 5.2. Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame le gɔmedzedzea me la, atsu kple asie wòwɔ woe oa? 5#Mos I, 2.24. Tete amea be, ‘Eya ta ame agblẽ tɔ́a kple nɔa ɖi, alé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kple evea woazu ame ɖeka.’ 6Elabe tso esia dzi yina la, womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka. Eya ta nu si Mawu bla ɖekae la, migana ame nama eme o.” 7#Mos V, 24.1-4; Mat 5.31. Farisitɔawo biae be: “Ke nu ka tae Mose ya ɖe mɔ be woana srɔ̃gbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti?” 8Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miaƒe tosesẽ tae Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo ɖo, ke le gɔmedzedzea me la, menɔ nenema o. 9#Mat 5.32; Kor I, 7.10, 11. Ke mele egblɔm na mi be ŋutsu si gbe srɔ̃a, ne menye le ahasiwɔwɔ ta o, eye wòɖe nyɔnu bubu aɖe la, ewɔ ahasi.”
10Eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: “Ne ŋutsu kple srɔ̃a domenya le alea la, ekema menyo be woaɖe srɔ̃ o.” 11Yesu gblɔ na wo be: “Menye ame sia amee ate ŋu ase nya sia gɔme o, negbe ame siwo wona la ko. 12Elabe ame tata aɖewo li siwo wodzi nenema; ame tata bubu aɖewo hã li siwo wota, eye bubuwo hã gali ame siwo ŋutɔ ta wo ɖokuiwo ɖe dziƒofiaɖuƒea ta. Ame si ate ŋu axɔ nufiafia sia la, nexɔe.”
Yesu yra ɖevi suewo
(Mar 10.13-16; Luk 18.15-17)
13Wotsɔ ɖeviwo va Yesu gbɔe bene wòada asi ɖe wo dzi, eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Nusrɔ̃laawo he nya ɖe ameawo ŋu, 14ke Yesu gblɔ be: “Mina ɖeviawo nava gbɔnye; migaxe mɔ na wo o, elabe ame siawo ƒomevi tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” 15Tete wòda asi ɖe wo dzi, eye wodzo le afi ma.
Ɖekakpui kesinɔtɔ la
(Mar 10.17-31; Luk 18.18-30)
16Ŋutsu aɖe va Yesu gbɔ gbe ɖeka hebiae be: “Nufiala, nu nyui ka wòle be mawɔ bene makpɔ agbe mavɔ?” 17Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nu ka ta nèle nya biamem tso nu nyui ŋuti? Ame ɖeka pɛ koe nye ame nyui. Ke ne èdi be yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi.”
18 #
Mos II, 20.13; Mos V, 5.17;
Mos II, 20.14; Mos V, 5.18;
Mos II, 20.15; Mos V, 5.19;
Mos II, 20.16; Mos V, 5.20. Ebia be: “Kawoe?” Yesu ɖo eŋu be: “Mègawu ame o; mègawɔ ahasi o; mègafi fi o; mègaɖi aʋatsoɖase o; 19#Mos II, 20.12; Mos V, 5.16; Mos III, 19.18.bu tɔ́wò kple nɔwò kple lɔ̃ hawòvi, abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò la ene.” 20Ɖekakpuia gblɔ nɛ be: “Mewɔ se siawo katã dzi. Nane gasusɔ si hiã be mawɔa?” 21Yesu gblɔ nɛ be: “Ne èdi be yeade blibo la, trɔ yi nàdzra nu siwo katã le asiwò la, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo. Ne èwɔ esia la, kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo, eye nàtrɔ ava nɔ yonyeme.” 22Esi ɖekakpuia se esia la, etrɔ dzo kple nuxaxa, elabe kesinɔnu geɖe le esi.
23Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mele egblɔm na mi be, asesẽ na kesinɔtɔ be wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒea me. 24Megale egblɔm na mi hã be ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me, wu be kesinɔtɔ nage ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la me.” 25Esi nusrɔ̃laawo se esia la, ewɔ nuku na wo ŋutɔ, eye wobia be: “Ekem ɖe, ame ka gɔ̃e woate ŋu axɔ ɖe agbe?” 26Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be: “Le amegbetɔwo gome la, womate ŋu awɔ esia o, ke Mawu ya te ŋu wɔa nu sia nu.” 27Azɔ Petro biae be: “Kpɔ ɖa, esi míawo míegblẽ míaƒe nuwo katã ɖi hele yowòme fifia ɖe, nu ka gɔ̃ lava nye mía tɔ?” 28#Mat 25.31; Luk 22.30. Yesu gblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne Amegbetɔ Vi la bɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpuia dzi, le xexe yeyea me la, mi ame siwo dze yonyeme la, miawo hã mianɔ fiazikpui wui eve dzi ahadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wui eveawo. 29Eya ta ame sia ame si gblẽ xɔwo, viwo alo anyigbawo ɖi le tanye la, Mawu aɖo eteƒe nɛ zi alafa, eye wòanyi agbe mavɔ la dome. 30#Mat 20.16; Luk 13.30. Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo la lazu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo lava zu gbãtɔwo.
اکنون انتخاب شده:
Mateo 19: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.