Mateo 18
18
Ame kae nye ame vevitɔ?
(Mar 9.33-37; Luk 9.46-48)
1 #
Luk 22.24. Ɣe ma ɣi me la, nusrɔ̃laawo va Yesu gbɔ biae be: “Ame kae nye ame vevitɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?” 2Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va wo titina 3#Mar 10.15; Luk 18.17. eye wògblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne mietrɔ zu abe ɖeviwo ene o la, miele dziƒofiaɖuƒea me yi ge akpɔ o. 4Ame si nye ame vevitɔ le dziƒofiaɖuƒea me lae nye ame si bɔbɔ eɖokui, eye wòtrɔ zu abe ɖevi sue sia ene.
5 “Ame si anyo dɔme na ɖevi siawo tɔgbe ɖeka le tanye la, nyee wònyo dɔme na.
Amehehe de nuvɔ̃ me
(Mar 9.42-48; Luk 17.1-2)
6 “Nenye be ame aɖe akplɔ nenem ɖevi sue siawo, siwo xɔ dzinye se la dometɔ aɖe ade nuvɔ̃ me la, anyo nɛ wu be woatsɔ té gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woanyrɔe ɖe ƒu ƒe gogloƒe, wòano tsi aku.
7 “Baba na xexea me tɔwo le nu siwo hea ame dea nuvɔ̃ me la ŋuti. Ele be tetekpɔwo nava kokoko ya, ke baba na ame si dzi nuɖiaɖia ato ava! 8#Mat 5.30. Ne wò asi alo wò afɔ ana be nàwɔ nuvɔ̃ la, lãe ɖa, eye nàtsɔe ƒu gbe! Enyo na wò be nàyi ɖe agbe la me kple abɔ ɖeka alo afɔ ɖeka, wu be abɔ eve alo afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me. 9#Mat 5.29. Nenema ke ne wò ŋku ana be nàwɔ nuvɔ̃ la, hoe le eto me eye nàtsɔe ƒu gbe! Enyo na wò be nàyi ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka, wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me.
Lododo le alẽ si bu la ŋu
(Luk 15.3-7)
10 #
Tob 12.15. #
Luk 19.10. “Mikpɔ nyuie bene miagado vlo nenem ŋusẽmanɔŋutɔ siawo dometɔ aɖeke o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woƒe mawudɔlawo le dziƒo le Tɔ́nye si le dziƒo la ƒe ŋkume kpɔm ɖaa. [ 11Elabe ame siwo bu lae Amegbetɔ Vi la va be yeaxɔ ɖe agbe.] 12“Mibu esia ŋu kpɔ. Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe megblẽa bla asieke vɔ asieke la ɖe toawo dzi, eye wòyina ɖadia ɖeka si bu la oa? 13Nyateƒee, ne ekpɔe la, ekpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ɖeka ma ŋu sãa wu le bla asieke vɔ asieke, siwo mebu o la ŋuti. 14Nenema ke mia Tɔ́ si le dziƒo la medi be nenem ŋusẽmanɔŋutɔ siawo dometɔ aɖeke natsrɔ̃ o.
Nɔvi si wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò
15 #
Luk 17.3. “Ne nɔviwò wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò la, yi egbɔ nàɖe nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la fiae be nya la natsi mi ame evea ko dome. Ne ese egɔme na wò la, èɖe nɔviwò. 16#Mos V, 19.15. Ke ne mese egɔme na wò o la, di ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu miayi egbɔ, ale be le ame eve alo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi nu la, woaɖo kpe nya sia nya dzi. 17Ne egbe be yemaɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔ nya la na hame la, ke ne egbe be yemaɖo to hamea hã o la, bui abe dzimaxɔsetɔ kple nudzɔla ene.
Ŋusẽnana nusrɔ̃lawo
18 #
Mat 16.19; Yoh 20.23. “Ke mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la, le babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la, le tutu le dziƒo. 19Azɔ megale egblɔm na mi hã be, ne mia dome ame eve wɔ ɖeka le nane ŋuti le anyigba dzi hebiae la, Tɔ́nye si le dziƒo la awɔe na wo godoo, 20elabe afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, mele wo titina.”
Lododo le fenyila si mekpɔ nublanui na ehati subɔla o la ŋuti
21 #
Luk 17.3, 4. Petro va Yesu gbɔ biae be: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye matsɔe akee? Va se ɖe zi adrẽ loo?” 22#Mos I, 4.24. Yesu ɖo eŋu be: “Nyemegblɔ na wò be zi adrẽ o, ke boŋ va se ɖe zi bla adrẽ teƒe adrẽ.”
23 “Eya ta wotsɔ dziƒofiaɖuƒea sɔ kple fia aɖe, si di be yeawɔ akɔnta kple yeƒe dɔlawo. 24Esi wòdze egɔme teti la, wokplɔ ame aɖe, si nyi sikaga akpe ewo ƒe fe le eŋu la va egbɔe. 25Naneke mele esi wòatsɔ axe fe lae o, eya ta eƒe aƒetɔa ɖe gbe be woadzra eya ŋutɔ, srɔ̃a kple viawo kpakple nu siwo katã le esi la atsɔ axe fe lae. 26Ale dɔla la dze klo, ɖe kuku na fia la vevie gblɔ be: ‘Nye aƒetɔ, gbɔ dzi ɖi nam blewuu ko. Mele nu sia nu xe ge na wò.’ 27Eƒe nu wɔ nublanui na eƒe aƒetɔ la, ale wòɖe asi le eŋu, hetsɔ fe si wònyi la katã kee. 28Ke esi dɔla sia do go dzo la, eyi ɖatu ehati, subɔla bubu si nyi klosaloga alafa ɖeka ƒe fe le eŋu. Elée, lé ve nɛ sesĩe gblɔ nɛ be: ‘Xe fe si nènyi le ŋunye la nam!’ 29Ehati subɔla la dze klo, ɖe kuku nɛ gblɔ be: ‘Gbɔ dzi ɖi nam blewuu ko! Mele exe ge na wò.’ 30Ke melɔ̃ o, eye wòna wode ehati subɔla la gaxɔ me va se ɖe esime wòaxe fe si wònyi la. 31Ke esi dɔla bubuawo kpɔ nu si va dzɔ la, eve wo ŋutɔ, eye woyi ɖagblɔ nu si dzɔ la na woƒe aƒetɔa tsitotsito. 32Tete eƒe aƒetɔa yɔe va eɖokui gbɔ hegblɔ nɛ be: ‘Dɔla vɔ̃ɖi! Esi nèɖe kuku nam la, metsɔ fe gbogbo ma ke wò. 33Ɖe mele be wò hã nàkpɔ nublanui na hawòti subɔla la, abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò la ene oa?’ 34Tete eƒe aƒetɔa do dɔmedzoe, eye wòtsɔe de asi na ŋutasẽlawo va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la. 35Alea ye Tɔ́nye si le dziƒo la hã awɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe, ne metsɔ nu ke nɔvia tso eƒe dzime ke o.”
اکنون انتخاب شده:
Mateo 18: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.