Mateo 20
20
Dɔwɔla aɖewo le waingble aɖe me
1 “Dziƒofiaɖuƒea le abe waingbledela aɖe, si do ŋdi kanya be yeaɖadi apatɔwo be woava wɔ dɔ na ye le yeƒe waingble me la ene. 2Woƒo asi le dɔa ŋu, eye agbletɔa lɔ̃ be yeaxe klosaloga si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu la na wo, eye wòɖo wo ɖe waingblea me. 3Egado go abe ga asieke me ene, eye wòkpɔ ame bubu siwo mekpɔ dɔ aɖeke awɔ o la le asi me. 4Egblɔ na wo be: ‘Miawo hã miheyi ɖe waingblea me, eye maxe fe si dze la na mi.’ Ale woawo hã woyi. 5Egado ake le ŋdɔ ga wui eve kple ɣetrɔ ga etɔ̃ me, eye wògawɔ nenema ke. 6Le ga atɔ̃ me lɔƒo la, egado go, eye wòkpɔ ame bubu siwo le tsitre. Ebia wo be: ‘Nu ka ta miele tsitre ɖe afii ŋkeke bliboa dɔ aɖeke mawɔmawɔe?’ 7Woɖo eŋu nɛ be: ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí o tae.’ Egblɔ na wo be: ‘Ekema miawo hã miheyi ɖe waingblea me.’ 8#Mos III, 19.13; Mos V, 24.15. Esi fiẽsi ɖo la, agbletɔa gblɔ na eƒe agbledzikpɔla la be: ‘Yɔ dɔwɔlaawo eye nàxe fe na wo. Dze egɔme tso ame siwo va mamlɛa dzi va se ɖe ame siwo va gbã la dzi.’ 9Esi ame siwo va ɣetrɔ ga atɔ̃ me la va la, wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ klosaloga ɖekaɖeka. 10Ke esi ame siwo va gbã la va la, wobu be nu si yewoaxɔ la asɔ gbɔ wu, ke wo dometɔ ɖe sia ɖe hã xɔ klosaloga ɖeka ko. 11Esi woxɔ ga sia la, wolĩ liʋiliʋĩ le agbletɔa ŋu 12gblɔ be: ‘Ame siwo tsi megbe va la wɔ dɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ ko. Evɔ la, míawo ya míewɔ dɔ ŋkeke bliboa katã, eye ŋdɔ ɖu mí, ke èxe fe sɔsɔe na mí katã!’ 13Eɖo eŋu gblɔ na wo dometɔ ɖeka be: ‘Kpɔe ɖa, xɔ̃, nyemeba wò o. Menye klosaloga ɖeka dzie mí ame evea míelɔ̃ ɖo oa? 14Tsɔ nu si nye tɔwò nàdzo. Nye ŋutɔe ɖoe be maxe fe si mexe na wò la na ame mamlɛtɔ sia hã. 15Ɖe nyemekpɔ mɔ awɔ nu si nye tɔnye la ŋudɔ, abe ale si melɔ̃ la ene oa? Alo dɔmenyo si mewɔ lae na wò ŋku biã ɖe ŋunyea?’ 16#Mat 19.30; Mar 10.31; Luk 13.30. Eya ta ame mlɔetɔwo lazu gbãtɔwo, eye ame gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo.”
Yesu ƒo nu zi etɔ̃lia le eƒe ku ŋuti
(Mar 10.32-34; Luk 18.31-34)
17Esi Yesu dze mɔ yina ɖe Yerusalem la, eyɔ nusrɔ̃la wui eveawo ɖe kpɔe, eye wògblɔ na wo le mɔa dzi be: 18“Miɖo to ne miasee ɖa! Míeyina Yerusalem; woatsɔ Amegbetɔ Vi la ade asi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo. Woatso kufia nɛ, 19eye woadee asi na ame siwo menye Yudatɔwo o la bene woaɖu fewu le eŋu. Woaƒoe ahaklãe ɖe ati ŋu, ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Mawu afɔe ɖe tsitre.”
Vi nɔ aɖe ƒe biabia
(Mar 10.35-45)
20Tete Zebedeo srɔ̃ kplɔ via ŋutsuvi eve va dze klo ɖe Yesu gbɔ henɔ nane biamee. 21Ebia nyɔnua be: “Nu ka dim nèle?” Eɖo eŋu nɛ be: “Wɔe be vinye ŋutsuvi eve siawo dometɔ ɖeka nanɔ wò ɖusime, eye evelia hã nanɔ wò miame le wò fiaɖuƒea me.” 22Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ be: “Mienya nu si biam miele la o. Ɖe miate ŋu ano fukpekpekplu si no ge mala laa?” Woɖo eŋu nɛ be: “Míate ŋui.” 23Yesu gblɔ na wo be: “Nyateƒee, mianoe baa, ke be mianɔ anyi ɖe nye ɖusime kple nye miame ya la, eya menye nyee aɖe mɔ le eŋuti o. Ame siwo Tɔ́nye dzrae ɖo ɖi na la ko tɔe.” 24Esi nusrɔ̃la ewoawo se nya sia la, wokpɔ dziku ɖe nɔvi eveawo ŋuti. 25#Luk 22.25, 26. Ke Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: “Mienya be ame siwo ɖua trɔ̃subɔlawo dzi la ɖua amegã ɖe wo dzi, eye woƒe kplɔlawo kpɔa ŋusẽ blibo ɖe wo dzi. 26#Mat 23.11; Mar 9.35; Luk 22.26. Migana wòanɔ nenema le miawo ya mia dome o, ke boŋ ame si di be yeanye amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla. 27Nenema ke ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la, hã nanye miaƒe subɔla. 28Nenema kee Amegbetɔ Vi la gɔ̃ hã meva be woasubɔ ye o, ke boŋ bene yeasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana atsɔ axɔ ame geɖe.”
Yesu da gbe le ŋkuagbãtɔ eve ŋuti
(Mar 10.46-52; Luk 18.35-43)
29Esi wodo go tso Yerixo-dua me yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo. 30Ŋkuagbãtɔ eve bɔbɔ nɔ anyi ɖe mɔa to, eye esi wose be Yesu va yina la, wodo ɣli gblɔ be: “Kpɔ nublanui na mí, David Vi!” 31Ameha la blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, ke wogado ɣlia sesĩe wu be: “Ao, Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui na mí dzro la!” 32Yesu tɔ, yɔ wo vɛ hebia wo be: “Nu ka dim miele be mawɔ na mi?” 33Woɖo eŋu be: “Aƒetɔ, na be míaƒe ŋkuwo naʋu.” 34Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu. Eka asi woƒe ŋku ŋu. Tete woƒe ŋkuwo ʋu enumake, eye wodze Yesu yome.
اکنون انتخاب شده:
Mateo 20: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.