1
Mateo 19:26
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be: “Le amegbetɔwo gome la, womate ŋu awɔ esia o, ke Mawu ya te ŋu wɔa nu sia nu.”
مقایسه
Mateo 19:26 را جستجو کنید
2
Mateo 19:6
Elabe tso esia dzi yina la, womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka. Eya ta nu si Mawu bla ɖekae la, migana ame nama eme o.”
Mateo 19:6 را جستجو کنید
3
Mateo 19:4-5
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame le gɔmedzedzea me la, atsu kple asie wòwɔ woe oa? Tete amea be, ‘Eya ta ame agblẽ tɔ́a kple nɔa ɖi, alé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kple evea woazu ame ɖeka.’
Mateo 19:4-5 را جستجو کنید
4
Mateo 19:14
ke Yesu gblɔ be: “Mina ɖeviawo nava gbɔnye; migaxe mɔ na wo o, elabe ame siawo ƒomevi tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”
Mateo 19:14 را جستجو کنید
5
Mateo 19:30
Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo la lazu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo lava zu gbãtɔwo.
Mateo 19:30 را جستجو کنید
6
Mateo 19:29
Eya ta ame sia ame si gblẽ xɔwo, viwo alo anyigbawo ɖi le tanye la, Mawu aɖo eteƒe nɛ zi alafa, eye wòanyi agbe mavɔ la dome.
Mateo 19:29 را جستجو کنید
7
Mateo 19:21
Yesu gblɔ nɛ be: “Ne èdi be yeade blibo la, trɔ yi nàdzra nu siwo katã le asiwò la, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo. Ne èwɔ esia la, kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo, eye nàtrɔ ava nɔ yonyeme.”
Mateo 19:21 را جستجو کنید
8
Mateo 19:17
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nu ka ta nèle nya biamem tso nu nyui ŋuti? Ame ɖeka pɛ koe nye ame nyui. Ke ne èdi be yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi.”
Mateo 19:17 را جستجو کنید
9
Mateo 19:24
Megale egblɔm na mi hã be ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me, wu be kesinɔtɔ nage ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la me.”
Mateo 19:24 را جستجو کنید
10
Mateo 19:9
Ke mele egblɔm na mi be ŋutsu si gbe srɔ̃a, ne menye le ahasiwɔwɔ ta o, eye wòɖe nyɔnu bubu aɖe la, ewɔ ahasi.”
Mateo 19:9 را جستجو کنید
11
Mateo 19:23
Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mele egblɔm na mi be, asesẽ na kesinɔtɔ be wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒea me.
Mateo 19:23 را جستجو کنید