Filipitɔwo 4
4
Nuxlɔ̃amenyawo
1Eya ta, nɔvinyewo, mi ame siwo ƒe nya melɔ̃, mi ame siwo doa dzidzɔ nam, eye mienye nye dziɖuɖukuku, mi ame siwo susum mele, minɔ te sesĩe. Miwɔ ɖeka ne mianɔ agbe kple Aƒetɔ la alea, nye lɔlɔ̃tɔwo.
2Mele kuku ɖem na Ewodia kple Sintixe be woawɔ ɖeka le Aƒetɔ la ta. 3Nenema ke mele kuku ɖem na wò, nye hadɔwɔla nyateƒetɔ, be nàkpe ɖe nyɔnu siawo ŋu. Woawo kple Klemens kpakple hadɔwɔla bubuawoe ku kutri, kpe ɖe ŋunye vevie le Nyanyui la kaka me. Woŋlɔ ame siawo ƒe ŋkɔ ɖe agbenɔlawo ƒe agbalẽ la me.
4Dzi nedzɔ mi ɣe sia ɣi le Aƒetɔ la me. Megale egblɔm ake be: dzi nedzɔ mi!
5Migbɔ dzi blewuu na amewo katã. Aƒetɔ la gogo. 6Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ nu siwo katã hiã mi la na Mawu, eye miada akpe nɛ. 7Ale Mawu ƒe ŋutifafa si gbɔ amegbetɔ ƒe nugɔmesese ŋu yi sãa la, nadzra miaƒe dziwo kple susuwo ɖo dedie le Kristo Yesu me.
8Mlɔeba la, nɔvinyewo, mina nu nyuitɔ kple esiwo dze na kafukafu la ɖeɖe ko naxɔ aƒe ɖe miaƒe susu me. Esiawoe nye: nu sia nu si nye nyateƒe, nu sia nu si dze na bubu, nu sia nu si le dzɔdzɔe, nu sia nu si dza, nu sia nu si nyakpɔna kple nu sia nu si dzèa ame. 9Minɔ agbe ɖe nu siwo miesrɔ̃ tso gbɔnye, nu siwo miexɔ, nya siwo miese le nunye kple nu siwo miekpɔ le nye agbenɔnɔ me la nu, eye Mawu, ame si naa ŋutifafa la, nanɔ kpli mi.
Paulo da akpe na Filipitɔwo le woƒe nunana ta
10Le Aƒetɔ la ta la, dzi dzɔm ŋutɔ be le ɣeyiɣi geɖe megbe la, miegade asi ŋunye bubu me. Togbɔ be mietsɔ ɖe le eme nam le ɣeyiɣi mawo me hã la, miekpɔ mɔnu ɖee fia o. 11Nyemele konyi fam be hiã tum o, elabe mesrɔ̃e le nu sia nu me le afi sia afi be ale si menyale ko la, nadze ŋunye. 12Menya nu si nye ahedada, eye menya nu si nye gakpɔkpɔ hã. Le nu sia nu me la, mesrɔ̃ ale si wòle be ame nanɔ ɣeawo katã ɣi: le dɔwuame alo ƒoɖiɖi me; le ahedada alo hokpɔkpɔ me. 13Ŋusẽ si Kristo naam lae wɔe be mete ŋu doa go nu sia nu.
14Ke miewɔe nyuie ŋutɔ, be miekpe ɖe ŋunye le nye xaxa me. 15Mi Filipitɔwo, miawo ŋutɔ mienya be tso esime míede asi gbeƒãɖeɖe Nyanyui la me, eye medzo le Makedonia ko la, miawo koe nye hame si le kpekpem ɖe ŋunye, le nu namem. 16#Dɔw 17.1.#Kor II, 11.9. Esime menɔ Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖoa nunanawo ɖem edziedzi. 17Menye nunana la dim mele hafi o, ke boŋ viɖe si miawo miakpɔ ɖe edzi to nunana me la boŋ dim mele. 18#Mos II, 29.18. Miexe fe nam wòde kaka gbɔ edzi gɔ̃. Nunana siwo mieɖo ɖa to Epafrodito dzi la va su asinye, ale be mekpɔ nye nuhiahiãwo katã. Miaƒe nunana siawo le abe vɔsa, si le ʋeʋẽm lílilĩ, eye wòdze Mawu ŋu hedo dzidzɔ nɛ la ene. 19Ke nye Mawu la ana miaƒe hiahiã katã nazu nunɔamesi taŋtaŋ le eƒe kesinɔnu la nu, le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me. 20Woakafu mía Mawu si nye mía Tɔ́ tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.
Gbedoname
21Medo gbe na ame siwo katã ŋu wokɔ, eye wole hadede me kple Kristo Yesu la. Nɔvi siwo le gbɔnye la do gbe na mi. 22Ame siwo katã ŋu wokɔ le afii la do gbe na mi nyuie, vevietɔ Roma Fiagã la ƒe aƒemetɔwo.
23Mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve miaƒe gbɔgbɔ nu.
اکنون انتخاب شده:
Filipitɔwo 4: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.