Kolosetɔwo KPƆKPLƆYIƉEME

KPƆKPLƆYIƉEME
Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Kolosetɔwo la nye agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe hame si le Kolose. Du sia le Asia Sue, eye wòle ɣedzeƒe lɔƒo na Efeso. Menye Paulo ye ɖo hame sia anyi o, ke teƒe si hamea le la wɔe be Paulo kpɔ be ele be yeawɔ dɔ le afi ma. Ale wòdɔ hadɔwɔlawo tso Efeso si nye Asia ƒe dugã la ɖo ɖe afi ma. Asia nye nutome si le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te. Paulo se be aʋatsonufialawo le Kolose-hamea me. Ame siawo nɔ nu fiam be hafi ame aɖe nanya Mawu, eye Mawu naxɔe ɖe agbe bliboe la, ele na amea be wòasubɔ “gbɔgbɔmedziɖula aɖewo kple ŋusẽ aɖewo.” Hekpe ɖe esia ŋu la, nufiala siawo gblɔ be ele be ame nawɔ ɖe kɔnu tɔxɛ aɖe dzi, le kpɔɖeŋu me aʋatsotso. Gawu la, ele na amea be wòawɔ ɖe se siwo ku ɖe nuɖuɖu kple nu bubuwo ŋu la dzi kple moveviɖoɖo.
Paulo wɔ Kristotɔwo ƒe gbedeasi vavã la ŋudɔ tsɔ ŋlɔ agbalẽ sia tsi tre ɖe nufiafia siawo ŋui. Nya vevi, si dzi wòte gbe ɖo le aʋatsonufialawo ƒe nyaawo ŋu ɖoɖo me lae nye be Yesu Kristo te ŋu nana be Mawu xɔa ame ɖe agbe. Egblɔ yi edzi be nu bubu, siwo dzi amewo xɔna sena kple kɔ siwo wonyina la nana be wotraa mɔ tso Kristo gbɔ. Eɖe eme be Mawu to Kristo dzi wɔ xexea me, eye wògato edzi kplɔ xexea me gbɔna ɖe eɖokui gbɔe. Ɖekawɔwɔ kple Kristo me ko ame siwo katã le xexea me la ate ŋu akpɔ mɔ le be Mawu laxɔ yewo ɖe agbe. Azɔ la, Paulo tɔ asi fuɖenamenu siwo ku ɖe eƒe nufiafia vevi sia ŋu le xɔsetɔwo ƒe agbenɔnɔ me la dzi.
Nya vevi aɖe, si wòle be míade dzesii le agbalẽa ŋu lae nye be Tixiko ye tsɔ agbalẽa yi ɖe Kolosee, eye Onesimo, ame si ŋu Paulo ŋlɔ agbalẽ tsoe ɖo ɖe Filemɔ̀n lae nye ame si kpe ɖe eŋu yi.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Kpɔkplɔyiɖeme 1.1-8
Kristo ƒe dzɔdzɔme kple dɔ si wòwɔ 1.9—2.19
Agbe yeye nɔnɔ le hadede kple Kristo me 2.20—4.6
Nuwunyawo 4.7-18

اکنون انتخاب شده:

Kolosetɔwo KPƆKPLƆYIƉEME: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید