Mateo 21
21
Gege ɖe Yerusalem-dua me kple aseyetsotso
(Mar 11.1-11; Luk 19.28-40; Yoh 12.12-19)
1Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gogo Yerusalem, eye wova ɖo Betfage si le Amitoa ŋuti la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve 2gblɔ na wo be: “Miyi ɖe kɔƒe si le mía ŋgɔ la me. Ne mieɖo teti ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Miɖe ka wo ne miakplɔ wo vɛ nam. 3Ne ame aɖe bia nya aɖe mi la, migblɔ be: ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm,’ eye aɖe asi le wo ŋu na mi enumake.” 4Esia dzɔ be nya siwo Mawu ƒe gbeƒãɖela ɖe gbeƒãe ɖi la nava eme be:
5 #
Zax 9.9. “Migblɔ na Zion-du la be:
‘Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò ɖokuibɔbɔtɔe.
Ele tedzi dzi gbɔna,
eye wòle dɔwɔlã si nye tedzivi la dom.’ ”
6Ale nusrɔ̃laawo yi, eye wowɔ abe ale si Yesu gblɔ na wo la ene. 7Wokplɔ tedzinɔa kple via vɛ. Wotsɔ woƒe avɔwo ɖo ɖe wo dzi, eye Yesu bɔbɔ nɔ wo dzi. 8Ame geɖewo tso ameawo dome keke woƒe avɔwo ɖe mɔa dzi, eye bubuwo ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi. 9#Ps 118.25, 26. Tete ameha siwo nɔ Yesu ŋgɔ kple emegbe la do ɣli be: “Ɖe mí loo! David Viŋutsu. Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me. Ɖeɖe wònye tso keke Mawu gbɔ ke!” 10Esi Yesu ge ɖe Yerusalem la, du blibo la ƒo zi eye amewo bia be: “Ame kae nye esia?” 11Ameha la ɖo eŋu be: “Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesu, si tso Nazaret le Galilea lae!”
Yesu nya asitsalawo do goe le mawuƒe la me
(Mar 11.15-19; Luk 19.45-48; Yoh 2.13-22)
12Yesu ge ɖe mawuƒe la me, eye wònya ame siwo katã nɔ nu dzram alo nɔ nu ƒlem la do goe. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe zikpuiwo ƒu anyi. 13#Yes 56.7; Yer 7.11. Egblɔ na wo be: “Woŋlɔ ɖi be: ‘Woayɔ nye aƒe be gbedoɖaƒe,’ ke miawo la, mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe beɖoƒe.”
14Azɔ ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le gbedoxɔ la me, eye wòda gbe le wo ŋu. 15Ke esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukunu siwo wòwɔ kple ale si ɖeviwo nɔ ɣli dom nɔ gbɔgblɔm le gbedoxɔa me be: “Ɖe mí loo! David Viŋutsu” la, eku dzi na wo ŋutɔ. 16#Ps 8.2. Wobia Yesu be: “Èle nya si gblɔm ame siawo le la sema?” Eɖo eŋu na wo be: “Ẽ, alo ɖe miexlẽe be,
‘Vidzĩwo kple vi nonowo ƒe nu mee
nèna kafukafu si de blibo doa go tsona’ la kpɔ oa?”
17Le esia megbe la, Yesu gblẽ wo ɖi, eye wòdzo le dua me yi ɖe Betania ɖatsi afi ma dɔ.
Yesu ƒo fi de gboti la
(Mar 11.12-14, 20-24)
18Esi wòtrɔ yina ɖe dua me le ŋufɔke ŋdi la, dɔ nɔ ewum. 19Ekpɔ gboti aɖe le mɔ to eye wòte ɖe eŋu, ke mekpɔ kutsetse aɖeke le edzi o, negbe aŋgbawo ko. Egblɔ na atia be: “Tso egbe heyi la, mègale ku tse ge akpɔ o.” Enumake atia yrɔ sũu. 20Esi eƒe nusrɔ̃lawo kpɔe la, ewɔ nuku na wo, eye wobia be: “Ale ke wɔ atia yrɔ sũu kpata alea?” 21#Mat 17.20; Kor I, 13.2. Yesu ɖo eŋu be: “Nyateƒe tututu tom mele na mi be, ne miexɔ se, eye mieke ɖi kura o la, menye nu si mewɔ na ati sia ɖeɖe ko miawɔ o. Ne miegblɔ na to sia be: ‘Ho, nàyi ɖadze ƒu me’ la, ava eme. 22Azɔ ne xɔse le mia si la, nu sia nu si miado gbe ɖa abia ko la, miaxɔe.”
Nyabiabia le Yesu ƒe ŋusẽ ƒe tsoƒe ŋu
(Mar 11.27-33; Luk 20.1-8)
23Esi Yesu trɔ va mawuxɔa me hele nu fiam la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ, eye wobiae be: “Ame ka ƒe ŋusẽ nètsɔ le nu siawo wɔmee, eye ame kae ɖe mɔ na wò?” 24Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nye hã mabia nya ɖeka mi, eye ne mieɖo eŋu nam la, ekema nye hã magblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔmee la na mi. 25Ame ka gbɔ Yohanes xɔ ŋusẽ tsoe hele mawutsi na amewo? Mawu gbɔ ye wòxɔe tsoe loo, alo amewo gbɔ yea?” Woda nya la kpɔ le wo nɔewo dome be: “Ne míegblɔ be: ‘Mawu gbɔe wòxɔe tsoe’ la, abia mí be: ‘Ekema nu ka ta miexɔ edzi se o?’ 26Ke ne míegblɔ be: ‘Amewo gbɔe wòxɔe tsoe’ hã menyo o; míele vɔvɔ̃m na ameha la elabe wo katã woxɔe se be Yohanes nye Mawu ƒe gbeƒãɖela.” 27Ale woɖo eŋu na Yesu be: “Míenya o.” Egblɔ na wo be: “Ekema nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ ŋusẽ tsoe hele nu siawo wɔmee la na mi o.”
Lododo le viŋutsuvi eveawo ŋu
28 “Mibu esia ŋu kpɔ. Vi eve le ame aɖe si. Eyi ɖe gbãtɔ gbɔ ɖagblɔ nɛ be: ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le nye waingble me egbea.’ 29Eɖo eŋu be: ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la, edze sii be yeda vo, ale wòyi agblea. 30Eyi ɖe evelia gbɔ gagblɔ nya mawo ke na eya hã. Eya ɖo eŋu be: ‘Yoo, tɔ́nye, mayi.’ Ke mede o. 31Vi eve siawo dometɔ kae wɔ wo tɔ́a ƒe lɔlɔ̃nu?” Woɖo eŋu be: “Gbatɔ̃ lae.” Yesu gblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo tre mawufiaɖuƒea me yiyi na mi. 32#Luk 3.12; 7.29, 30. Elabe Yohanes va mia gbɔ be yeafia mɔ dzɔdzɔe, si dzi miato la mi, gake miexɔ edzi se o. Nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo boŋ xɔ edzi se. Esi miekpɔ esia dze sii kɔtɛe gɔ̃ hã la, mietrɔ susu emegbe be yewoaxɔ edzi ase o.”
Lododo le waingbledzikpɔla vɔ̃ɖiawo ŋuti
(Mar 12.1-12; Luk 20.9-19)
33 #
Yes 5.1, 2. Yesu gblɔ na wo be: “Migase lododo bubu. Agbledela aɖe de waingble, tɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu wainfiãnu kple agbledzɔxɔe ɖe eme. Emegbe la, etsɔe de asi na ame siwo wɔa dɔ le waingble me, eye wòdzo yi du bubu aɖe me. 34Esi kutsetseawo gbeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe waingblea dzikpɔlawo be woaxɔ ye tɔ gome vɛ na ye. 35Ke agblea dzikpɔlawo lé eƒe dɔlaawo. Woƒo ame ɖeka, wu ame ɖeka eye woƒu kpe etɔ̃lia. 36Le esia megbe la, egadɔ dɔla bubu siwo sɔ gbɔ wu esiwo yi gbã la, ke agblea dzikpɔlawo gawɔ woawo hã nenema ke. 37Mlɔeba la, edɔ eya ŋutɔ via ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ be: ‘Ɖewohĩ woasi vinye ŋkume ɖa.’ 38Ke esi agblea dzikpɔlawo kpɔ via la, wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Ame si gbɔna doa me nyi ge lae nye esi. Miva ne míawui bene eƒe domenyinu la nazu mía tɔ!’ 39Tete wolée, hee do goe tso waingblea me, eye wowui. 40Azɔ ne waingbletɔa va ɖe, nu ka wòawɔ waingbledzikpɔla siawo?” 41Woɖo eŋu be: “Le nyateƒe me la, atsrɔ̃ ame vlo siawo eye wòatsɔ waingblea ade asi na agbledzikpɔla bubu, siwo atsɔ etɔ gome vɛ nɛ ɖe ɣeyiɣi dzi tututu le nuŋeɣi.”
42 #
Ps 118.22, 23. Yesu gblɔ na wo be: “Ɖe miexlẽ esia le mawunya me kpɔ oa? Woŋlɔ ɖi be:
‘Kpe si xɔtulawo gbe la,
eya kee va zu dzogoedzikpe.
Aƒetɔ lae wɔ esia.
Ewɔ nuku na mí ale gbegbe.’
43 “Eya ta mele egblɔm na mi be woaxɔ mawufiaɖuƒea le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tse ku la.” [ 44“Ame si ke dze kpe sia dzi la, aŋe klíklikli, ke ame si ke dzi wòadze ya la, agbãe nyányanya.”]
45Azɔ esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se eƒe lododoawo la, eme kɔ na wo be yewo ŋutie wòdo wo ɖo. 46Eya ta wodi be yewoalée, ke wovɔ̃ na ameha la elabe ameawo bu Yesu abe Mawu ƒe gbeƒãɖela ene.
اکنون انتخاب شده:
Mateo 21: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.