Mateo 17

17
Yesu ƒe dzedzeme trɔ
(Mar 9.2-13; Luk 9.28-36)
1Ŋkeke ade le esiawo megbe la, Yesu yɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes, eye wòkplɔ woawo ɖeɖe yi ɖe to kɔkɔ aɖe dzi. 2Esi wole afi ma la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ le wo ŋkume. Eƒe mo klẽ abe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene. 3Tete nusrɔ̃la etɔ̃awo kpɔ Mose kple Eliya wonɔ dze ɖom kple Yesu. 4Tete Petro gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míeva afii! Ne èlɔ̃ la, matu agbadɔ etɔ̃ ɖe afii; tɔwò ɖeka, Mose tɔ ɖeka, eye Eliya hã tɔ ɖeka.” 5#Mos I, 22.2; Ps 2.7; Yes 42.1; Mat 3.17; 12.18; Mar 1.11; Luk 3.22; Mos V, 18.15.#Pet II, 1.17, 18. Esime wògale nu ƒom la, alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe ɖi tso alilikpo la me be: “Vinyee nye ame sia! Nyemelɔ̃a nu le egbɔ o; mekpɔ ŋudzedze blibo le eŋu. Miɖo toe!” 6Esi nusrɔ̃lawo se gbe sia la, vɔvɔ̃ lé wo, eye wotsyɔ mo anyi. 7Yesu te ɖe wo ŋu, ka asi wo ŋu hegblɔ na wo be: “Mifɔ! Migavɔ̃ o!” 8Esi wofɔ mo dzi la, womegakpɔ ame aɖeke le afi ma o, negbe Yesu ɖeka ko.
9Esi woɖi tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na wo be: “Migaƒo nu le nu si woɖe fia mi la ŋuti na ame aɖeke o, va se ɖe esime wofɔ Amegbetɔ Vi la ɖe tsitre tso ku me.” 10#Mal 4.5. Azɔ nusrɔ̃laawo bia Yesu be: “Nu ka tae agbalẽfialawo gblɔna be ele be Eliya nava do ŋgɔ?” 11#Sir 48.10.Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nyateƒee, ele be Eliya nava do ŋgɔ be woaɖɔ nu sia nu ɖo. 12#Mat 11.14. Ke mele egblɔm na mi be Eliya va xoxo, evɔ amewo medze sii o, eye wowɔ nu si dze wo ŋu la ɖe eŋu. Nenema kee wole fu wɔ ge Amegbetɔ Vi la hãe.” 13Ale nusrɔ̃laawo nya be Yohanes mawutsilenamela ŋue wògblɔ nya la le na yewo.
Yesu da gbe le ŋutsuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu
(Mar 9.14-29; Luk 9.37-43a)
14Esi Yesu kple nusrɔ̃la etɔ̃awo va ɖo ameha la gbɔ la, ŋutsu aɖe va dze klo ɖe eŋgɔ 15hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi! Kpeŋuidɔ le eŋu, eye wòle fu wɔmee ŋɔdzitɔe. Zi geɖe la, edzea dzo me, alo tsi me. 16Mekplɔe va wò nusrɔ̃lawo gbɔe, ke womete ŋu da gbe le eŋu o.” 17Yesu gblɔ be: “O, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi! Ɖe manɔ mia gbɔ ɖaa? Va se ɖe ɣe ka ɣi mado dzi ahe mi aɖase ɖo? Mikplɔ ɖevia va afii.” 18Tete Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ŋutsuvia me. Ale ŋutsuvia ƒe lã me sẽ enumake. 19Ke nusrɔ̃laawo va Yesu gbɔ le adzame hebiae be: “Ale ke wɔ míawo ya míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe o?” 20#Mat 21.21; Mar 11.23; Kor I, 13.2. Yesu ɖo eŋu na wo be: “Elabe miaƒe xɔse mesɔ gbɔ o. Nyateƒe tututu tom mele na mi be, ne miaƒe xɔse le abe atiku suetɔ kekeake ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be: ‘Ho tso afii nàyi ɖe afi mɛ ɖa!’ eye wòaho ayi. Naneke wɔwɔ maglo mi o.” [ 21Ne menye to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me o la, gbɔgbɔ vɔ̃ sia tɔgbe mado akpɔ o.]
Yesu gaƒo nu le eƒe ku ŋuti
(Mar 9.30-32; Luk 9.43b-45)
22Esi wova ƒo ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo be: “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo. 23Woawui gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Mawu afɔe ɖe tsitre.” Nusrɔ̃laawo xa nu ŋutɔ.
Adzɔnana ɖe mawuxɔ la ta
24 # Mos II, 30.13; 38.26. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Kapernaum. Ame siwo xɔa adzɔ si amewo nana ɖe gbedoxɔa ta la va bia Petro be: “Ɖe miaƒe nufiala la naa adzɔa?” 25Petro ɖo eŋu be: “Ẽ.” Esi Petro yi aƒeme la, Yesu do ŋgɔ biae be: “Simon, nu kae nye wò susu? Ame kawo tɔgbe si xexemefiawo xɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ le? Deviwo si woxɔnɛ le loo, alo amedzrowo si yea?” 26Petro ɖo eŋu be: “Amedzrowo sie.” Yesu gblɔ be: “Enyo. Ekem deviawo voe! 27Ke nyemedi be míaɖia wo nu o, eya ta yi ɖe tá la nu, eye nàda ƒu ɖe eme. Lã gbãtɔ si nàɖe la, lée nàke nu me nɛ. Èle ga aɖe kpɔ ge si ade na nye kpli wò ƒe adzɔ la. Tsɔe yi ɖana ɖe nye kpli wò nu.”

اکنون انتخاب شده:

Mateo 17: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید