Galatiatɔwo KPƆKPLƆYIƉEME
KPƆKPLƆYIƉEME
Esi amedɔdɔwo de asi gbeƒãɖeɖe Nyanyui la me le Yesu ŋu, na ame siwo menye Yudatɔwo o la, woxɔe kple dzidzɔ ŋutɔ. Ke nyaʋiʋli aɖe va do mo ɖa. Eyae nye biabia sia be: Ɖe wòhiã be ame nawɔ Mose ƒe se la dzi kokoko, hafi ate ŋu anye Kristotɔ vavã mahã? Paulo ɖe eme be mehiã o. Nu si le vevie na ame si wɔ ɖeka kple Kristo lae nye be wòaxɔ Kristo dzi ase, elabe esia koe ana wòanɔ dzɔdzɔe le Mawu gbɔ. Ke ame aɖewo va ge ɖe hame siwo le Galatia-nutoa me la me. Galatia nye Roma-dziɖuɖu ƒe nutome aɖe le Asia. Ame siawo tsi tre ɖe Paulo ƒe nufiafia sia ŋuti. Woawo ya gblɔ be ele be ame nawɔ Mose ƒe se la hã dzi godoo, hafi anɔ dzɔdzɔe le Mawu gbɔ.
Paulo ŋlɔ agbalẽ sia ɖo ɖe Galatiatɔwo, ale be ame siwo xɔ nufiafia gbegblẽ sia dzi se la, natrɔ ava Kristo dzixɔse vavãtɔ la gbɔ, eye woalé eme ɖe asi. Le agbalẽa me la, Paulo ƒo nu gbã le afi si wòkpɔ ŋusẽ tsoe hafi va zu Yesu Kristo ƒe amedɔdɔ la ŋu. Ete gbe ɖe edzi be Mawu ŋutɔe yɔ ye, yeva zu amedɔdɔ, ke menye amegbetɔ aɖekee o. Gawu la, ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ koŋ wòdɔ ye ɖo. Paulo yi edzi, ɖe eme be xɔse dzaa koe ana ame anɔ dzɔdzɔe le Mawu gbɔ. Eɖee fia le agbalẽa ƒe nuwuwu lɔƒo be lɔlɔ̃ vavãtɔ, si dzena le Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me la, doa go tso ale si wòxɔ Kristo dzi se la me.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Kpɔkplɔyiɖeme 1.1-10
Afi si Paulo kpɔ ŋusẽ le va zu amedɔdɔ 1.11—2.21
Nyanyui, si Mawu ve mía nu, heɖo ɖe mí 3.1—4.31
Ablɔɖe si Kristotɔwo kpɔ kple woƒe dɔdeasiwo 5.1—6.10
Nuwunyawo 6.11-18
اکنون انتخاب شده:
Galatiatɔwo KPƆKPLƆYIƉEME: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.