Korintotɔwo II, 13

13
Nyagbename mamlɛa kple gbedoname
1 # Mos V, 17.6; 19.15. Zi etɔ̃liae nye esi megbɔna ɖe mia gbɔ. Mawunya gblɔ be, “Ne wotsɔ nya ɖe ame aɖe ŋu la, ele be ɖaseɖila eve, alo etɔ̃ nagblɔ be nya la le eme hafi woabu fɔ ame la.” 2Esi meva mia gbɔ zi evelia la, megbe nya na ame siwo wɔ nuvɔ̃ tsã kple ame bubu ɖe sia ɖe. Fifia la, nyemegale mia gbɔ o, eye megale nya gbem na wo ake, elabe ne megava la, nyemagbe tohehe na wo o. 3Esia nye kpeɖodzi si dim miele be yewoanya be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Eya megbɔdzɔ le nu siwo wòwɔna kple mi la me o. Eƒe ŋusẽ le te le mia dome. 4Esi woklãe ɖe ati ŋu la, egbɔdzɔ, ke Mawu ƒe ŋusẽ gbɔ agbee. Esi míewɔ ɖeka kpakplii la, míawo hã míegbɔdzɔ, ke Mawu ƒe ŋusẽ agbɔ agbe mí, ale be míawo hã míate ŋu awɔ nu si wòle be míawɔ kpakpli mi la.
5Midzro mia ɖokui me kpɔ be miaƒe xɔse gale te mahã. Mido mia ɖokui kpɔ nyuie. Miekpɔe dze sii be Yesu Kristo le yewo me oa? Alo ɖe miedo mia ɖokui kpɔ, hekpɔ be yewomedze oa? 6Mele mɔkpɔkpɔ me be miava nya be míawo ya míele te. 7Ke míele kuku ɖem na Mawu be miagawɔ vɔ̃ aɖeke o. Menye bene míadzé, abe ame siwo wodo kpɔ hekpɔ be wole te la ene ta o. Míele gbe sia dom ɖa bene miawɔ nu si dze, togbɔ be edzé abe míaƒe dɔwɔna ɖe medze edzi o ene hã. 8Elabe míate ŋu awɔ naneke atsi tre ɖe nyateƒe la ŋuti o, ke nu si míawɔ adoe ɖe ŋgɔ ko míawɔ. 9Ne míawo míegbɔdzɔ, eye ŋusẽ ɖo miawo mia ŋu la, edzɔa dzi na mí. Ale míedoa gbe ɖa be miayi ŋgɔ ahade blibo. 10Esia tae mele nu sia ŋlɔm na mi esime nyemele mia gbɔ o, ale be ne meva ɖo la, nye asi nagasẽ ɖe mia dzi akpa le ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋudɔwɔwɔ me o. Wona ŋusẽ siam be matsɔe akpe ɖe mia ŋui miatsi, ke menye be matsɔe agblẽ nui o.
11Mlɔeba la, nɔvinyewo, minɔ anyi nyuie. Miɖɔ miaƒe agbenɔnɔ ɖo; miwɔ ɖe nye nuxlɔ̃amenya dzi; miaƒe tamesusu nesɔ; minɔ anyi le ŋutifafa me. Mawu si lɔ̃ amegbetɔ, eye wònaa ŋutifafa la, nenɔ kpli mi. 12Mido gbe na mia nɔewo, eye ame sia ame nana asi nɔvia lɔlɔ̃tɔe.
Ame siwo katã ŋu wokɔ la do gbe na mi.
13Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu, Mawu nelɔ̃ mi, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe nenɔ mi katã mia dome!

اکنون انتخاب شده:

Korintotɔwo II, 13: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید