Galatiatɔwo 1

1
1Agbalẽ sia tso nye Paulo, ame si nye amedɔdɔ la gbɔ. Menye amegbetɔ aɖekee tiam, alo amegbetɔ aɖeke dzi woto tiam meva zu amedɔdɔ o, ke boŋ Yesu Kristo kple Mawu Tɔ́ la, ame si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome lae, na meva zu amedɔdɔ. 2Nɔvi siwo katã le afii kplim la hã kpe ɖe ŋunye míele agbalẽ sia ŋlɔm na mi, hame siwo le Galatia-nutoa me la.
3Mawu Tɔ́ la kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu, eye woana ŋutifafa mi. 4Yesu Kristoe tsɔ eɖokui na ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta, be yeaɖe mí tso egbe xexe vɔ̃ɖi sia me. Esia nye mía Mawu kple Tɔ́ la ƒe didi. 5Woakafu Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.
Nyanyui ɖeka la
6Ewɔ nuku nam ŋutɔ be fifi laa ko, miele tɔtrɔm xoxo tso ame si to Kristo dzi, ve mia nu eye wòyɔ mi la gbɔ ɖo ta Nyanyui bubu ƒomevi aɖe gbɔ. 7Evɔ la, Nyanyui bubu aɖeke megali hafi o, ke boŋ ame aɖewo koe li le to gblẽm na mi, eye wole didim be yewoatrɔ Kristo ƒe Nyanyui la bubui. 8Ke nenye be ame aɖe, míawo loo, alo mawudɔla tso dziƒo gɔ̃ hã, ava gblɔ Nyanyui bubu aɖe, si to vovo tso esi míeɖe gbeƒãe na mi xoxo la gbɔ la, neɖi eŋu kpékpekpe! 9Nya si míegblɔ la, eya ke gblɔm megale. Mebe ne ame aɖe ɖe gbeƒã Nyanyui bubu aɖe, si to vovo tso esi miexɔ xoxo gbɔ la, neɖi eŋu kpékpekpe!
10Ke azɔ la, nya si gblɔm mele la, ɖe mele egblɔm be madze amegbetɔwo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Ɖe mele didim be madze amegbetɔwo ŋua? Nenye ɖe megale didim be madze amegbetɔwo ŋu la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o.
Ale si Paulo va zu amedɔdɔe
11Nɔvinyewo, medi be mianya nyuie be Nyanyui si meɖe gbeƒãe miese la, menye amegbetɔ tɔe wònye o. 12Nyemexɔe tso amegbetɔ aɖeke gbɔ o, eye menye ame aɖeke hãe fiam o, ke boŋ Yesu Kristoe ɖee fiam. 13#Dɔw 8.3; 22.4, 5; 26.9-11. Miese ale si menɔ agbee tsã, abe Yudatɔ akuakua ene. Miese ale si meti Mawu ƒe hamea me nɔlawo yome vevie, eye medze agbagba vevie be matsrɔ̃ hamea. 14#Dɔw 22.3. Metsɔ dzo tɔxɛ ɖe mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo ŋuti ale gbegbe be menɔ ŋgɔ na hatinye geɖewo le Yudatɔnyenye me le mía detɔwo dome. 15#Dɔw 9.3-6; 22.6-10; 26.13-18. Sigbeɖe Mawu ɖe wòtiam da ɖi tso keke nɔnye ƒe dɔme ke, eye wòve nunye heyɔm. 16Enyo dɔme ɖe Via fiam, ale be maɖe gbeƒã eƒe Nyanyui la, le ame siwo menye Yudatɔwo o la, dome. Esi esia va eme la, nyemebia amegbetɔ aɖeke be nefia afɔɖoƒem o. 17Nyemede Yerusalem gɔ̃ hã be makpɔ ame siwo zu amedɔdɔwo do ŋgɔ nam la hã o, ke boŋ meyi ɖe Arabia enumake, eye esi metrɔ gbɔ la, megava yi Damasko.
18 # Dɔw 9.26-30. Ƒe etɔ̃ megbe hafi meyi ɖe Yerusalem be maɖakpɔ Kefas#1.18: KEFAS: nye Petro ƒe ŋkɔ le Hela-gbe me. ɖa. Menɔ egbɔ ŋkeke wui atɔ̃. 19Ke nyemekpɔ amedɔdɔ bubuawo dometɔ aɖeke o, negbe Yakobo, Aƒetɔ la nɔviŋutsu ko. 20Nya si ŋlɔm mele na mi la, nyateƒee. Mawue nye nye ɖasefo be menye aʋatso kam mele o. 21Emegbe la, mede Siria kple Kilikia nutoawo me. 22Ke Kristo-hame siwo le Yudea-nyigba dzi la, mekpɔm kpɔ o. 23Ɖeko wosee le amewo nu wole gbɔgblɔm be: “Ame si nɔ mía yome tim tsã la, va le gbeƒã ɖem xɔse sinu wòdi be yeatsi la!” 24Ale wokafu Mawu le tanye.

اکنون انتخاب شده:

Galatiatɔwo 1: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید