Efesotɔwo 4

4
Ɖe míele abe ameti ɖeka ene
1Eya ta, nye, ame si le gaxɔ me le Aƒetɔ la ta la, mele kuku ɖem na mi, be mianɔ agbe si asɔ ɖe agbe si tɔgbe woyɔ mi be miava nɔ la nu. 2#Kol 3.12, 13. Mibɔbɔ mia ɖokui, eye minye ame fafawo. Migbɔ dzi blewuu, eye mitsɔ lɔlɔ̃ gbɔ dzi ɖi na mia nɔewo. 3Esi Gbɔgbɔ la bla mi ɖekae la, mido vevie mianɔ anyi le ŋutifafa me. 4Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖeka koe li, nenema ke nu ɖeka dzaa koe Mawu yɔ mi be miava kpɔ mɔ na. 5Aƒetɔ ɖeka kple xɔse ɖeka koe le mía si, eye mawutsi ɖeka ko hãe wole na mí. 6Gawu la, Mawu kple Tɔ́ ɖeka koe li na amegbetɔƒomea katã. Eyae ɖu nuwo katã dzi, le dɔ wɔm to nuwo katã me, eye wòle nuwo katã me.
7Ke nu si wove mía nu hena mía dometɔ ɖe sia ɖe la, sɔ ɖe nunana si Kristo na la nu. 8#Ps 68.18. Eya tae mawunya gblɔ be:
“Esi wòlia yi dzi ʋĩi la,
aboyome geɖewo nɔ eyome,
eye wòma nunanawo na amewo.”
9Azɔ esi wogblɔ be, “Elia yi dzi” la, edze ƒãa be eɖi va yi keke anyigba tume ke hã. 10Ame ɖeka ma, si ɖi ɖe anyi la, eya kee galia yi dzi ʋĩi, hegbɔ nu sia nu ŋu be yeaxɔ aƒe ɖe nu sia nu me. 11Eyae ma eƒe nunanawo na mí. Ena ame aɖewo nye amedɔdɔwo, ɖewo nye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, ɖewo ɖea gbeƒã Nyanyui la, ɖewo nye hame la kplɔlawo, eye bubuwo nye nufialawo. 12Ema nunana siawo be yeatsɔ adzra ame siwo ŋu wokɔ la ɖo, ne woawɔ yeƒe dɔ, eye hekpe ɖe esia ŋu la, yeatsɔ wo atu Kristo ƒe ŋutilã, si nye hame lae. 13Mawu wɔ esia, be mí katã míava zu ɖeka le nu si dzi míexɔ se la me, eye míava dze si Mawu Vi la keŋkeŋ. Míatsi aɖo ŋutsume asɔ ta kple Kristo, eye eƒe nɔnɔme blibo la nasu mía si. 14Ekema míaganye ɖevi sue, siwo nufiafia yeye ɖe sia ɖe ƒe ya ƒona yina gbɔnae, eye ayetɔwo blena dea woƒe aɖaŋu vɔ̃ me la o. 15Le esia teƒe la, mí, abe ame siwo me lɔlɔ̃ le ene la, míanye nyateƒetolawo, ale be míatsi le go ɖe sia ɖe me le Kristo, si nye ta la me. 16#Kol 2.19. Eyae lé ameti blibo la ƒe ƒunuɖeƒewo kple kawo ɖe asi wole te le ŋutilã la me, ale be ameti la ƒe akpa vovovoawo wɔa dɔ pɛpɛpɛ, tsina hetua wo ɖokui ɖo le lɔlɔ̃ me.
Ame siwo wɔ ɖeka kple Kristo la ƒe agbenɔnɔ
17Azɔ mele egblɔm na mi, le Aƒetɔ la ŋkɔ me, be miganɔ agbe kple susu wodzoe, abe ale si ame siwo menye Yudatɔwo o la nɔnɛ ene o. 18Woƒe susu me kple nugɔmesese do viviti. Esi woƒe dzi ku atri ta la, numanyamanya xɔ aƒe ɖe wo me, eye woƒe agbenɔnɔ to vovo tso agbe si Mawu di be ame nanɔ la gbɔ. 19Woƒe dzitsinya ku atri, eya ta hadzedze ma wo, eye wobiãa ŋku ɖe nu makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ ŋu. 20Mikpɔ ɖa, menye nu siawo miawo ya miesrɔ̃ le Kristo ŋuti o. 21Nye ya metsɔe be miese nya tso Yesu ŋu, eye wofia nyateƒenya si le eme la mi. 22#Kol 3.9. Miɖe asi le dzɔdzɔme xoxo si nɔ mia si, si na mienɔ agbe si ƒomevi mienɔ va yi la ŋu. Nudzroame siwo blea ame lae gblẽ agbe si mienɔ tsã la. 23Migbugbɔ miaƒe gbɔgbɔ kple susu wɔ yeyee, 24#Kol 3.10; Mos I, 1.26; Nya 9.3. eye mitsɔ nɔnɔme yeye, si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe hele kɔkɔe la, do abe awu ene.
25 # Zax 8.16. Azɔ la, miɖe aʋatsokaka ƒu gbe. Ame sia ame neto nyateƒe na nɔvia, elabe mia dome ame sia ame nye ŋutinu aɖe na ameti ɖeka ma ke. 26#Ps 4.4. Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o. Dziku la neganɔ anyi, zã nado ɖe edzi o. 27Migana mɔnukpɔkpɔ aɖeke Abosam o. 28Ame si fia fi la, nedzudzɔ fififi. Netsɔ eƒe asi wɔ dɔ ɖɔʋu aɖe boŋ, bene nane nanɔ esi wòatsɔ ana hiãtɔ. 29Migana nya ƒoɖi aɖeke nado tso miaƒe nu me o. Ne mieƒo nu la, nya si akpe ɖe eselawo ŋu, eye wòsɔ ɖe ɣe ma ɣi dzi tututu la ko miagblɔ, ale be wòahe yayra avɛ na eselawo. 30Migawɔ nu si ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabe eyae wotsɔ de dzesi mii, be Mawu axɔ mi le ŋkeke ma dzi. 31Miɖe veve helihelĩ, dɔmedzoe kple dziku katã ɖa. Nenema ke miɖe ɣlidodo, ameŋugbegblẽ kple susu vɔ̃ bubu ɖe ame ŋu hã ɖa. 32#Kol 3.13. Le esiawo teƒe la, mia nɔewo ƒe nu newɔ nublanui na mi, eye mianyo dɔme na mia nɔewo. Mitsɔ nuvɔ̃ ke, abe ale si Mawu hã tsɔ mia tɔ ke mi to Kristo dzi la ene.

اکنون انتخاب شده:

Efesotɔwo 4: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید