Efesotɔwo 3

3
Paulo ƒe dɔwɔwɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome
1Le esia ta, nye Paulo, si wode gaxɔ me le Kristo Yesu ta, ɖe mi, ame siwo menye Yudatɔwo o la teƒe la, medoa gbe ɖa na Mawu. 2Ɖewohĩ mianyase ale si Mawu ve nunye, eye wòɖom dzikpɔlae be mawɔ dɔ le mia dome la. 3Abe ale si meŋlɔ na mi kpuie va yi ene la, Mawu ɖe ɖoɖo si wòwɔ heɣla ɖi la fiam. 4#Kol 1.26, 27. Ne miexlẽ agbalẽ sia la, miate ŋu akpɔ ale si mese nya ɣaɣla si le Kristo me la gɔmee. 5Tsã la, womena amegbetɔƒomea nya ɖoɖo ɣaɣla sia o; ke fifia la, Mawu to eƒe Gbɔgbɔ la dzi ɖee fia eƒe amedɔdɔ kɔkɔeawo kple eƒe gbeƒãɖelawo. 6Ena be to Nyanyui la me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã va zu dome ɖeka nyilawo kple Yudatɔwo, ŋutinuwo na ŋutilã ɖeka ma ke, eye woawo hã wova kpɔ gome azɔ le ŋugbe si wodo to Kristo Yesu dzi la me.
7Mawu to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me ve nunye nukutɔe ale gbegbe be wòna meva zu Nyanyui sia ƒe subɔla. 8Ale, togbɔ be menye suetɔ kekeake le ame siwo ŋuti wokɔ dome hã la, Mawu ve nunye be meɖe gbeƒã kesinɔnu gbogbo, siwo le Kristo me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la. 9Edɔm ɖo ɖa be mana amegbetɔƒomea nanya ɖoɖo si Mawu, ame si wɔ nuwo katã la, wɔ heɣla ɖi tso keke gbe aɖe gbe ke la, 10ale be woato hamea dzi aɖe Mawu ƒe nunya sɔgbɔ la afia dziɖulawo kple ŋusẽtɔ siwo le dzi ɖum le dziƒonutowo me la. 11Esia nye ɖoɖo mavɔ, si Mawu wɔ da ɖi tso keke gbe aɖe gbe ke. Azɔ ena ɖoɖo sia va eme to Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la dzi. 12Esi míexɔ Kristo dzi se ta la, dzi ɖo mía ƒo be míate ɖe Mawu ŋu dzideƒotɔe. 13Eya ta mele kuku ɖem na mi be fu siwo kpem mele ɖe mia teƒe la, nagana dzi naɖe le mia ƒo o, elabe bubu sɔŋ boŋ de ge wòala mia ŋu.
Ale si Kristo lɔ̃ míi
14Abe ale si gblɔm mele ene la, esia tae mele klo dzi le Tɔ́ la ŋkume ɖo. 15Eya tɔe nye ƒome, siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la, eye eƒe ŋkɔe le wo ŋu. 16Mele gbe dom ɖa be Mawu nana eƒe Gbɔgbɔ la natsɔ ŋusẽ si le eƒe ŋutikɔkɔe gbago la me la ade keke miaƒe ememe la me ke. 17Miaƒe xɔse nana be Kristo naxɔ anyinɔ ɖe miaƒe dzime, ne miaƒe lɔlɔ̃ naƒo ke ɖe to, ahali ke zã, 18#Sir 1.3.eye ŋusẽ naɖo mia ŋu, ale be mia kple ame siwo ŋuti wokɔ la katã miase ale si gbegbe Kristo lɔ̃ mii la gɔme. Lɔlɔ̃ sia keke ta; ede didiƒe ʋĩi; ekɔ yi dzi boo, eye wògoglo! 19Gawu la, Mawu nena miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃ si gbɔ amegbetɔ ƒe nugɔmesese ŋu yi sãa la, ale be Mawu ƒe nɔnɔme la nayɔ mia me taŋ!
20Mawue nye ame si ƒe ŋusẽ le dɔ wɔm le mía me. Ete ŋu wɔa nu sia nu na mí wòsɔa gbɔ fũu wu ale si míebiana, alo nu si míebuna gɔ̃ hã. 21Ŋutikɔkɔe nanye eyama tɔ, le hame la kple Kristo Yesu me, to dzidzimewo katã dzi, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.

اکنون انتخاب شده:

Efesotɔwo 3: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید