Kolosetɔwo 2
2
1Medi be mianya aʋa sesẽ si wɔm mele ɖe miawo kple Laodikeatɔwo kpakple ame bubu siwo mekpɔ nyam ŋkume kple ŋkume haɖe o la ta la. 2Mele esia gblɔm, ale be dzi naɖo wo ƒo, eye be woawɔ ɖeka kple wo nɔewo le lɔlɔ̃ me. Gawu la, woase nu gɔme bliboe, eye woadze si Mawu ƒe nu ɣaɣla si nye Kristo la. Esia nye kesinɔnu gã ŋutɔ. 3Kristo mee wotsɔ kesinɔnu gã sia, si nye nunya kple sidzedze katã la ɣla ɖo. 4Mele esia gblɔm na mi, bene ame aɖeke nagatsɔ aɖe ŋanɛ aflu mi o. 5Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me, eye edzɔ dzi nam be mekpɔ ale si miewɔa nu ɖe ɖoɖo nu, eye miexɔ Kristo dzi se kplikpae la.
Ɖekawɔwɔ kple Kristo nana be agbe dea blibo
6Esi miexɔ Kristo abe Aƒetɔ ene ta la, miwɔ ɖeka kplii le miaƒe agbenɔnɔ me. 7Miƒo kè ɖe to le eyama me, eye mitu mia ɖokui ɖo ɖe eyama dzi, bene miali kè le xɔse si wofia mi la me. Hekpe ɖe esia ŋuti la, minɔ akpedada dzi ɖaa.
8Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagatsɔ xexemenunya kple ameblenya gbɔlo, siwo wotu ɖe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi dzi, alo ɖe xexemeŋusẽwo ƒe gbɔgbɔwo dzixɔse dzi la, akplɔ mi atrae o. Wometu nu siawo ɖe Kristo dzi o, 9elabe mawunyenye blibo nɔ Kristo ƒe ŋutilã me. 10Esi miewɔ ɖeka kple eya, ame si nye ta na gbɔgbɔmeŋusẽ kple gbɔgbɔmedziɖula ɖe sia ɖe la, miawo hã miaƒe agbenɔnɔ de blibo. 11Eya me hãe wotso aʋa na mi le. Menye asie wotsɔ tso aʋae na mi o, ke boŋ miaƒe nuvɔ̃ siwo miewɔ le ŋutilã me lae woɖe ɖa. Esiae nye aʋa si wotso na mi le Kristo me la. 12#Rom 6.4. Esi woɖi mi kplii le mawutsilele me la, wofɔ mi ɖe tsitre hã kplii, elabe miexɔ Mawu, si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe ŋusẽ dzi se. 13#Efes 2.1-5. Tsã la, miawo hã mienye ame kukuwo, elabe mienɔ nuvɔ̃ me, eye wometso aʋa na mi le Kristo me o; ke azɔ la, Mawu gbɔ agbe miawo hã kpakple Kristo la, elabe wotsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã ke mí. 14#Efes 2.15. Etutu nuŋɔŋlɔ si tsi tre ɖe mía ŋu hebu fɔ mí le sea nu la ɖa keŋkeŋ, elabe eklãe ɖe atitsoga ŋu. 15Exɔ ŋusẽ le gbɔgbɔmeŋusẽwo kple gbɔgbɔmedziɖulawo si, do ŋukpe wo le dutoƒo, eye wòkplɔ wo abe aboyomewo ene kple aseyetsotso yi ɖe eƒe asaɖa la me.
16 #
Rom 14.1-6. Eya ta migana ame aɖeke naka ŋkume na mi azɔ le nya siwo ku ɖe nuɖuɖu kple nunono alo azãɖuɖuwo, ɣletidzedzi kple Dzudzɔgbe ŋuti la me o. 17Esiawo katã nye nu siwo le megbe gbɔna la ƒe vɔvɔliwo ko; nu si le vɔvɔli la ŋutɔ ɖem lae nye Kristo. 18Migana ame aɖeke nazi mia dzi be miabɔbɔ mia ɖokui alakpatɔe alo miade ta agu na mawudɔlawo o. Ame sia ƒomevi gblɔna be ŋutegakpɔkpɔ le vevie, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi glodzoo; ke dzodzroe, elabe ŋutilãmesusu koe le esi. Ne mieɖo to ame sia ƒomevi la, miaƒe asi masu nu si nyam miele la dzi o. 19#Efes 4.16. Ame sia megakuna ɖe Kristo si nye ta la ŋuti o. Evɔ la, ta la gbɔe ŋutilã blibo la, ƒunuɖeƒewo kple lãmekawo siaa, kpɔa eƒe nunyiame tsonɛ eye eyae lénɛ ƒoa ƒui wòtsina, abe ale si Mawu di la ene.
Agbe yeye nɔnɔ le Kristo me
20Esi mieku kple Kristo ta la, miedo go le xexemegbɔgbɔwo ƒe ŋusẽ te. Nu ka ta miegana wode se kukluiwo na mi abe xexemeŋusẽ tee miegale ene? 21Nu ka ta wogagblɔna na mi be: “Mègawɔ esia ŋudɔ o; mègaɖɔ ekemɛ kpɔ o”, alo “mègaka asi bubu hã ŋu o” mahã? 22Se siawo katã ku ɖe nu siwo ŋuti dɔ wowɔna wòvɔna la ŋu. Amegbetɔ ƒe ɖoɖowo kple nufiafia ko wonye. 23Edze le gota gome abe ne ame aɖe lé fɔ ɖe se siawo ŋu vevie, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi, hewɔ funyafunya eƒe ŋutilã alea la, nunya gã aɖe ɖe wòle eme ene. Ke nu siawo wɔwɔ mekpena ɖe ame ŋuti, wòtea ŋu ɖua eƒe ŋutilã me nudzroamewo dzi koŋ o.
اکنون انتخاب شده:
Kolosetɔwo 2: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.