Kolosetɔwo 3

3
1 # Ps 110.1. Esi wònye ɖe wofɔ mi ɖe tsitre kple Kristo ta la, miti nu siwo le dziƒo, afi si Kristo ŋutɔ bɔbɔ nɔ Mawu ƒe ɖusime le la, yome. 2Miaƒe susu nenɔ dziƒonuwo ŋu, ke menye anyigbadzinuwo ŋu o, 3elabe esi mieku la, wotsɔ miaƒe agbe de Kristo tɔ me heɣla ɖe Mawu me. 4Ne Kristo, ame si nye míaƒe agbe la do la, ekema miawo hã miado kplii le ŋutikɔkɔe me.
Tsãgbenɔnɔ kple fifitɔ
5Eya ta miwu anyigbadzinu siwo le mia me la. Esiawoe nye: ahasiwɔwɔ, nu makɔmakɔ wɔwɔ, nudzroame vɔ̃wo, fieŋufieŋu kple ŋubiabiã. Le nyateƒe me la ŋubiabiã la, trɔ̃subɔsubɔe. 6Nu siawoe ahe Mawu ƒe dziku ava tosẽlawo dzii. 7Le agbe si mienɔ tsã me la, miawo hã miewɔa nu siawo. 8Ke azɔ la, miɖe asi le nu siawo katã ŋu: dziku, dɔmedzoe, vɔ̃ediname, busunyagbɔgblɔ kple nya ƒoɖi gbɔgblɔ. 9#Efes 4.22. Esi mieɖe miaƒe dzɔdzɔme xoxo la kple eƒe nuwɔnawo da ɖi vɔ la, migaka aʋatso na mia nɔewo azɔ o. 10#Efes 4.24; Mos I, 1.26. Mitsɔ nɔnɔme yeye la do. Mawu gbugbɔ nɔnɔme sia le wɔwɔm yeyee ɣe sia ɣi, ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me, be wòadze si ye. 11Le go sia me ya la, vovototo aɖeke megale Helatɔ kple Yudatɔ, ame si wotso aʋa na kple ame si wometsoe na o, fiafiala, gbetometɔ, kluvi kple ablɔɖevi dome o. Ɖeka ko wo katã wole le Kristo me, eye Kristo le wo katã hã me.
12 # Efes 4.2. Esi miezu Mawu ƒe ame tiatiawo, kɔkɔetɔwo kple lɔlɔ̃tɔwo ta la, mitsɔ nɔnɔme siwo sɔ ɖe eŋu la do. Esiawoe nye: veveseseɖeameti, dɔmenyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔgbɔ blewuu. 13#Efes 4.32. Migbɔ dzi ɖi na mia nɔewo. Ne ame aɖe da vo ɖe mia ŋu la, mitsɔe kee, abe ale si Aƒetɔ la hã tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mi la ene. 14Gawu la, lɔlɔ̃ nexɔ aƒe ɖe mia me, elabe eyae blaa nuwo katã ɖekae wòdea blibo. 15Kristo ƒe ŋutifafa la neɖu dzi le miaƒe dziwo me, elabe eya ŋutie woyɔ mi va ƒo ƒui, abe hame ɖeka ene ɖo. Minye akpedalawo. 16#Efes 5.19, 20. Kristo ƒe Nyanyui la nexɔ aƒe ɖe mia me blibo. Mifia nu, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple nunya geɖe. Mitsɔ Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo da akpe na Mawu le miaƒe dziwo me. 17Mina nu sia nu si miagblɔ alo awɔ la, nanɔ Aƒetɔ Yesu ŋkɔ me, eye mida akpe na Mawu Tɔ́ la, to eyama dzi.
Hadomegbenɔnɔ le agbe yeye la me
18 # Efes 5.22; Pet I, 3.1. Mi srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe ale si wòdze le Kristotɔwo dome la ene. 19#Efes 5.25; Pet I, 3.7. Nenema ke mi srɔ̃ŋutsuwo hã, milɔ̃ mia srɔ̃wo eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o. 20#Efes 6.1. Ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nuwo katã me, elabe esiae dzea Aƒetɔ la ŋu. 21#Efes 6.4. Tɔ́wo, migado dziku na mia viwo, ne dzi naɖe le wo ƒo o. 22#Efes 6.5-8. Dɔlawo, miɖo to ame siwo nye miaƒe aƒetɔwo le xexea me la, le nu sia nu me. Migawɔ ame ŋkume nu be yewoadze ame ŋu o, ke boŋ misubɔ wo nyateƒetɔe abe mawuvɔ̃lawo ene. 23Dɔ sia dɔ si wɔm miele la, miwɔe kple dzi faa. Miwɔe abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na, eye menye na amegbetɔwo o ene. 24Minyae be miele domenyinu la xɔ ge, abe miaƒe fetu ene, elabe Aƒetɔ Kristo la ŋutɔ subɔm miele. 25#Mos V, 10.17; Efes 6.9. Woaxe fe na nu gbegblẽ wɔla hã ɖe eƒe nuwɔna nu. Ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele eme o.

اکنون انتخاب شده:

Kolosetɔwo 3: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید