Korintotɔwo I, 16

16
Nudzɔdzɔ na xɔsetɔ bubuwo
1 # Rom 15.25, 26. Le nudzɔdzɔ na xɔsetɔ bubuwo gome la, miwɔe abe ale si meɖo na hame siwo le Galatia-nutoa me la ene. 2Kwasiɖagbe sia Kwasiɖagbe la, ame sia ame neɖe ga home aɖe tso nu si wòkpɔ tso eƒe dɔwɔnawo me la dzra ɖo, ale be mahiã be mava ɖo hafi mianɔ nu dzɔm o. 3Ne meva ɖo la, maŋlɔ agbalẽ ade ame siwo miatia la si, be woatsɔ miaƒe nunanawo ayi Yerusalem. 4Ne ehiã be nye ŋutɔ mayi la, ekema ameawo azɔ kplim.
Paulo ƒe ɖoɖowo
5 # Dɔw 19.21. Mele Makedonia to ge hafi ava ɖo mia gbɔ, elabe meɖoe be mato afi ma gbã. 6Ɖewohĩ manɔ mia gbɔ ʋɛ alo manɔ mia gbɔ le vuvɔŋɔli la gɔ̃ hã, ale be miate ŋu ado mɔm ne maɖo ta afi si wòle be magayi la. 7Fifia ya la, nyemedi be magava to mia gbɔ ko atso eme ayi o, ke boŋ ne Aƒetɔ la ɖe mɔ la, mele mɔkpɔkpɔ me be matsi mia gbɔ ʋɛ. 8#Mos III, 23.15-21; Mos V, 16.9-11.#Dɔw 19.8-10. Ke mele Efeso nɔ ge va se ɖe ŋkeke bla atɔ̃lia le Paska la yome dzi. 9Mekpɔ mɔnu nyui aɖe be mawɔ dɔ xɔasi aɖe, togbɔ be ame geɖewo tsi tre ɖe ŋunye hã.
Ale si woaxɔ Timoteo
10 # Kor I, 4.17. Ne Timoteo va ɖo la, mikpɔ gbɔ be eƒe dzi dze me le mia dome, elabe Aƒetɔ la ƒe dɔa ko wɔm eya hã le abe nye ke ene. 11Eya ta ame aɖeke megakpɔe ame wodzoe o. Mido mɔe be wòatrɔ va ɖo gbɔnye le ŋutifafa me, elabe mele mɔ kpɔm na eya kple nɔviawo.
12Le mía nɔvi Apolo ŋuti la, medze agbagba ƒoe ɖe enu vevie, be wòazɔ kple nɔvi bubuawo ava kpɔ mi ɖa hafi, ke medi be yeava fifia o. Ne mɔ ʋu nɛ la, ava emegbea.
Nuwunyawo kple gbedoname
13Minɔ ŋudzɔ, eye milé nu si dzi miexɔ se la me ɖe asi sesĩe. Miwɔ kalẽ, eye misẽ ŋu! 14Miwɔ nu sia nu kple lɔlɔ̃.
15 # Kor I, 1.16. Azɔ la, nɔvinyewo, mexɔe se be mienya nu tso Stefana kple eƒe aƒe la ŋuti. Woawoe nye ame gbãtɔ, siwo trɔ dzime le Axaya-nutome, eye wotsɔ wo ɖokui ke faa, be yewoasubɔ ame siwo ŋuti wokɔ la. 16Mele kuku ɖem na mi be miaɖe mɔ faa be ame siawo tɔgbe kple ame bubu, siwo hã wɔa dɔ le hamea me kple esiwo kua kutri kpena ɖe mia ŋu la, nakplɔ mi. 17Mekpɔ dzidzɔ be Stefana, Fortunato kple Axaiko va ɖo dedie, elabe wole mia teƒe le afii. 18Wona nye kple miawo siaa ƒe dzi dze me. Mide bubu ame siawo tɔgbe ŋu.
19 # Dɔw 18.2. Hame siwo le Asia la do gbe na mi nyuie. Akwila kple Priskila kpakple hame si kpea ta le wo ƒeme la do gbe na mi nyuie, esi miewɔ ɖeka kple Kristo ta. 20Nɔviawo katã do gbe na mi hee! Mido gbe na mia nɔewo, eye ame sia ame nana asi nɔvia lɔlɔ̃tɔe.
21Nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi ŋlɔ gbedoname sia le ɖoɖom ɖe mi.
22Ame si melɔ̃ Aƒetɔ la o la, neɖi eŋu kpékpekpe! Mía Aƒetɔ, va! 23Aƒetɔ Yesu neve mia nu. 24Nye lɔlɔ̃ nenɔ kpli mi ame siwo katã wɔ ɖeka kple Kristo Yesu la. Amen.

اکنون انتخاب شده:

Korintotɔwo I, 16: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید