Korintotɔwo II, KPƆKPLƆYIƉEME

KPƆKPLƆYIƉEME
Paulo ŋlɔ eƒe Agbalẽ Evelia ɖo ɖe Korintotɔwo, esime kadodo si nɔ eya kple Korinto-hamea dome la di be yeagblẽ. Hametɔ aɖewo tsi tre ɖe Paulo ŋu sesĩe, ke eɖe ale si wònye eƒe didi vevie be gbe nasɔ gbe na yewo la fia, eye dzi dzɔ Paulo ŋutɔ esime eya kple hamea dome gaɖɔ ɖo, abe ale si wòdi la ene.
Le agbalẽa ƒe gɔmedzedzea me la, Paulo ƒo nu tso kadodo si le eya kple Korinto-hamea dome la ŋu. Eɖe nu si ta wòƒo nu kple adã tsɔ tɔ dzu si wodzu nɛ kple ale si wotsi tre ɖe eŋu la me. Ke dzi va dzɔ Paulo ŋutɔ be ale si yetsi tre ɖe hamea ŋu kple adã la va na be hametɔwo trɔ dzime, eye yewo dome gaɖɔ ɖo nyuie. Azɔ la, ebia tso hametɔwo si be woaʋu asi me ana nu faa, be woatsɔ akpe ɖe Kristotɔ siwo hiã tu le Yudea la ŋui. Le agbalẽa ƒe nuwuwu lɔƒo la, Paulo ʋli ale si wònye amedɔdɔe la ta. Ewɔ esia elabe ame ʋɛ aɖewo nɔ Korinto siwo tsɔ wo ɖokui be yewoe nye amedɔdɔ ŋutɔŋutɔwo, eye wobu Paulo ya be alakpamedɔdɔ wònye.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Kpɔkplɔyiɖeme 1.1-11
Paulo kple Korinto-hame la 1.12—7.16
Nudzɔdzɔ na Kristotɔ siwo le Yudea 8.1—9.15
Paulo ʋli ŋusẽ si le esi abe amedɔdɔ ene la ta 10.1—13.10
Nuwunyawo 13.11-13

اکنون انتخاب شده:

Korintotɔwo II, KPƆKPLƆYIƉEME: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید