Korintotɔwo I, 15
15
Kristo ƒe tsitretsitsi
1Azɔ la, nɔvinyewo, medi be maɖo ŋku Nyanyui, si metsɔ vɛ miexɔ, hele tsitre ɖe edzi sesĩe la dzi na mi. 2Ne mielé eme ɖe asi sesĩe la, woaxɔ mi ɖe agbe. Ne menye nenem o la, ekema ɖeko miexɔe se dzodzro.
3 #
Yes 53.5-12. Nu vevitɔ si wofiam, eye nye hã mefia mi lae nye be: Kristo ku ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta, abe ale si mawunya gblɔe ene. 4#Ps 16.8-10; Mat 12.40; Dɔw 2.24-32. Woɖii, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le mawunya nu. 5#Luk 24.34; Mat 28.16, 17; Mar 16.14; Luk 24.36; Yoh 20.19. Eɖe eɖokui fia Kefas, emegbe la, ame wui eveawo kpɔe. 6Ema yome la, nɔvi siwo ƒe xexlẽme wu alafa atɔ̃ sɔŋ kpɔe zi ɖeka. Togbɔ be nɔvi siawo dometɔ geɖe ku hã la, wo dome akpa gãtɔ gale agbe. 7Emegbe Yakobo kpɔe, eye amedɔdɔwo katã hã kpɔe. 8#Dɔw 9.3-6. Mlɔeba la, nye, ame si le abe vidzĩ si ƒe ŋkeke mede hafi wodzii o ene la hã, mekpɔe. 9#Dɔw 8.3. Le nyateƒe me la, nyee nye suetɔ kekeake le amedɔdɔawo dome. Nyemedze be woayɔm be amedɔdɔ gɔ̃ hã hafi o, elabe meti Mawu ƒe hame la yome. 10Ke Mawu ve nunye meva zu nu si menye, eye ale si wòve nunyee la, mezu dzodzro o. Ke boŋ meva wɔ dɔ wu amedɔdɔawo dometɔ ɖe sia ɖe. Le nyateƒe me la, menye nye ŋutɔe wɔ dɔa o, Mawue ve nunye. 11Eya ta eɖanye nyee o, woawoe o, gbeƒã ma ko ɖem míele, eye eya dzie miexɔ se.
Míaƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome
12Azɔ ne míeɖe gbeƒã be wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ale ke wɔ mia dometɔ aɖewo gale gbɔgblɔm be womele ame kukuwo fɔ ge ɖe tsitre o mahã? 13Ne ame kuku metsia tsitre o la, ekema womefɔ Kristo hã ɖe tsitre o. 14Ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ekema míaƒe gbeƒãɖeɖe nye nu dzodzro, eye miawo hã miaƒe xɔse nye nu dzodzro ko. 15Ne enye nyateƒe be ame kuku metsia tsitre o, eye míawo míeɖi ɖase be Mawu fɔ Kristo ɖe tsitre, evɔ wòhenye mefɔe ɖe tsitre hafi o la, ekema míeka aʋatso ɖe Mawu si. 16Ne ɖe womefɔa ame kukuwo ɖe tsitre o la, ekema womefɔ Kristo hã o. 17Ne womefɔ Kristo o la, ekema miaƒe xɔse zu nu gbɔlo, eye miegale miaƒe nuvɔ̃wo me ko. 18Gawu la, ame siwo xɔ Kristo dzi se hafi ku la hã tsrɔ̃. 19Nenye be agbe sia me ɖeɖe koe míele mɔ kpɔm na Kristo le la, ekema míawoe nye ame siwo ƒe nu wɔ nublanui wu le amegbetɔwo katã dome.
20Ke nyateƒe wònye be wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye eyae nye ame si fɔ do ŋgɔ na ame kukuwo katã. 21Abe ale si ku to ame ɖeka dzi va xexeme ene la, nenema ke ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã to ame ɖeka dzi vae. 22Abe ale si amewo katã ku to Adam dzi ene la, nenema ke to Kristo dzi amewo katã agagbɔ agbe. 23Ke woafɔ ame sia ame ɖe tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu. Kristo ye wofɔ gbã. Emegbe ne egbugbɔ va la, woafɔ ame siwo nye Kristo tɔ la hã. 24Ekema nuwuwu la aɖo, eye wòagbugbɔ fiaɖuƒe la ana Mawu Tɔ́ la. Do ŋgɔ la, Kristo atsrɔ̃ dziɖulawo, amegbetɔwo ƒe ŋusẽwo kple gbɔgbɔmeŋusẽ ɖe sia ɖe ƒomevi. 25#Ps 110.1. Elabe ele be Kristo naɖu dzi, va se ɖe esime Mawu natsɔ eƒe futɔwo katã ade eya, Kristo, ƒe afɔ te. 26Kue nye futɔ mamlɛtɔ si tsrɔ̃ ge wòala. 27#Ps 8.6. Mawunya gblɔ be: “Etsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te.” Ne wogblɔ be “nuwo katã” la, eme kɔ ƒãa be Mawu, ame si ŋutɔ tsɔ nuawo de Kristo ƒe afɔ te la ya, mele eme o. 28Azɔ ne wotsɔ nuwo katã de Kristo ƒe dziɖuɖu te vɔ la, ekema woabɔbɔ Vi la ŋutɔ hã ɖe Mawu, ame si tsɔ nuwo katã de ete la te, ale be Mawu ɖeka ko naɖu nu sia nu dzi.
29 #
Mak II, 12.44. Ɖe mele nenema o la, ekema nu ka tae amewo nana be wolea mawutsi na wo ɖe ame kukuwo nu ɖo? Ne womele ame kukuwo fɔ ge ɖe tsitre kura o la, nu ka tae woanɔ tsi lem na amewo ɖe wo nu? 30Nu ka tae míaƒe agbe le xaxa me ɣe sia ɣi? 31Nɔvinyewo, metà ale si medana ɖe mia dzi be míewɔ ɖeka kple Kristo Yesu mía Aƒetɔ la na mi, be ku tsɔ ɖe gbɔnye kpuie gbe sia gbe. 32#Yes 22.13. Nenye be le amegbetɔ ƒe nuƒo nu, mewɔ avu kple “lã wɔadãwo” le Efeso la, viɖe kae le eme nam? Ne womele ame kukuwo fɔ ge ɖe tsitre o la, ekema nya si wogblɔna be: “Mina míaɖu nu, ano nu, elabe etsɔ ko míele kuku ge!” la, le eteƒe. 33Migana woable mi o. “Ne nuvɔ̃wɔla le ha dem kple ame nyui la, ame nyui la hã ƒe nɔnɔme ɖe wògblẽna.” 34Migbugbɔ tame bu nyuie, ne miadzudzɔ nuvɔ̃ wɔwɔ. Mele esia gblɔm be ŋu nakpe mi, elabe ame aɖewo le mia dome, siwo menya naneke tso Mawu ŋu o.
Ale si ame kukuwo le tsitre tsi gee
35Ke ame aɖe abia be, ale ke wole ame kukuwo fɔ ge ɖe tsitree, eye ŋutilã ka ƒomevi me nɔ ge woala mahã? 36Wò movitɔ! Ɖe mènyae be nuku si nèƒã la, megagbɔa agbe o, negbe ɖe wòku hafi oa? 37Menye nu si le tsitsi ge la ƒomevie nèƒãna o, ke boŋ eƒe ku sue aɖe, abe bliku alo ati bubu aɖe ƒe ku enee. 38Mawue tsɔa nɔnɔme si wòlɔ̃ la na ku si woƒã la; nuku ƒomevi ɖe sia ɖe kple ale si wòava nɔ le eƒe tsitsime lae li. 39Ŋutilãwo katã mesɔ o; amegbetɔ ƒe ŋutilã li, nenema ke lãfɔnewo, xewo kple tɔmelãwo hã tɔ li, ɖe sia ɖe kple etɔ. 40Dziƒonuwo ƒe ŋutilã li, eye anyigbadzinuwo tɔ hã li. Ke dziƒonuwo ƒe ŋutikɔkɔe kple ale si wonyakpɔnae la, to vovo tso anyigbadzinuwo tɔ gbɔ. 41Ale si ɣe nyakpɔnae la, to vovo tso ale si ɣleti nyakpɔnae la gbɔ, nenema ke ɣletiviwo tɔ hã to vovoe. Le ɣletiviwo gome gɔ̃ hã la, ale si ɖe sia ɖe klẽnae la, to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ.
42Alea pɛ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã lanɔ. Ne woɖi ŋutilã ɖe to me la, egblẽna, ke ne wofɔe ɖe tsitre la, magagblẽ o. 43Hafi woaɖi ŋutilã la, menyakpɔna o, eye ŋusẽ hã menɔa eŋu o. Evɔ ne wofɔe ɖe tsitre la, enyakpɔna ŋutɔ, eye ŋusẽ hã nɔa eŋu. 44Woɖia ŋutilã si dzena míekpɔna la ɖe to me, ke ne wofɔe ɖe tsitre la, anye gbɔgbɔmeŋutilã. Ne gotagomeŋutilã li la, ekema gbɔgbɔmeŋutilã hã li. 45#Mos I, 2.7. Esia tae mawunya gblɔ be: “Adam si nye ame gbãtɔ la va zu nu gbagbe,” ke Adam mamlɛtɔ va zu gbɔgbɔ si naa agbe. 46Menye gbɔgbɔmetɔ lae va gbã o, ke boŋ ŋutilãmetɔ lae, eya megbe hafi gbɔgbɔmetɔ la va. 47Anyi mee ame gbãtɔ la tso. Ʋuʋudedi ko wònye, ke ame evelia ya tso dziƒo. 48Ame siwo le anyigba dzi la le abe ame siwo woɖe tso anyi me le anyigba me la ene. Nenema ke ame siwo le dziƒo la, le abe ame si tso dziƒo va la ene. 49Abe ale si míele ame si tso anyi me la ƒe nɔnɔme me ene la, nenema ke míava nɔ ame si tso dziƒo va la hã ƒe nɔnɔme mee. 50Nɔvinyewo, nu si gblɔm mele lae nye be ŋutilã kple ʋu mate ŋu akpɔ gome le Mawu ƒe fiaɖuɖu la me o, eye nu si gblẽna la mate ŋu anyi nu si megblẽna o la ƒe dome o.
51 #
Tes I, 4.15-17. Mikpɔ ɖa, medi be magblɔ nya ɣaɣla sia na mi. Mí katã míele alɔ̃ dɔ ge o, ke woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme 52zi ɖeka ne kpẽ mamlɛtɔ ɖi. Ne kpẽa ɖi la, woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre, woazu nu magblemagblẽ, eye Mawu atrɔ míaƒe nɔnɔme. 53Elabe ele be woatsɔ nɔnɔme si megblẽna o la, ado na nɔnɔme si gblẽna la, eye woatsɔ nɔnɔme si mekuna o la ado na nɔnɔme si kuna la. 54#Yes 25.8. Ke ne wotsɔ nɔnɔme si megblẽna o la do na nɔnɔme si gblẽna, eye wotsɔ nɔnɔme si mekuna o la do na nɔnɔme si kuna la, ekema mawunya sia ava eme be: “Wotsrɔ̃ ku gbidigbidi. Dziɖuɖu blibo do!”
55 #
Hos 13.14. “O, ku, wò dziɖuɖu la ɖe?
O, ku wò ti la ɖe?”
56Ku ƒe ti nye nuvɔ̃ eye nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la. 57Ke akpe na Mawu, ame si na míeɖu dzi to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.
58Eya ta, nɔvinyewo, minɔ te sesĩe, eye migaʋã kura o. Mido vevie ne miawɔ Aƒetɔ la ƒe dɔ ɖaa. Miɖo ŋui be dɔ siwo katã miewɔna na Aƒetɔa la ƒe ɖeke mezua dɔ vlo gbeɖe o.
اکنون انتخاب شده:
Korintotɔwo I, 15: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.