Korintotɔwo I, 1
1
1Nye Paulo, ame si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, be mava zu Yesu Kristo ƒe amedɔdɔ kple nɔvi Sostene ye le agbalẽ sia ŋlɔm.
2 #
Dɔw 18.1. Míele eŋlɔm ɖo ɖe Mawu ƒe hame si le Korinto kple ame siwo ŋu wokɔ, eye wole hadede me kple Kristo Yesu la. Woyɔ mi ame siawo kple ame siwo katã subɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo le afi sia afi la vɛ, be miava zu ame siwo ŋuti wokɔ. Yesu siae nye mí kple woawo siaa ƒe Aƒetɔ.
3Mawu, mía Tɔ́ kple Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu, eye woana ŋutifafa mi.
Yayra siwo le hadede kple Kristo me
4Medaa akpe na nye Mawu ɣe sia ɣi le mia ta, be wòto Kristo Yesu dzi ve mia nu. 5Esi miewɔ ɖeka kple Kristo ta la, mietsi yi ŋgɔ le nu sia nu me, vevietɔ le miaƒe nuƒo kple nunya me. 6Ale si miele ɖase ɖim tso Kristo ŋu hã ƒo ke ɖe to sesĩe le mia dome 7ale gbegbe be, esi miele lalam na ɣeyiɣi si mía Aƒetɔ Yesu Kristo nado la, gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe su mia si xoxo. 8Eya ŋutɔ alé mi ɖe asi, vodada aɖeke manɔ mia ŋu o, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi. 9Mawu, ame si yɔ mi vɛ be miava de ha kple Via, mía Aƒetɔ Yesu Kristo la, nuteƒewɔla wònye.
Memama si le hame la me
10Nɔviwo, metsɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo lé afɔ na mi be miaƒe nu nasɔ, eye memama naganɔ mia dome o. Milé nɔvisi le nya siwo ŋu miebuna kple nu siwo dzi mieɖoa kpee la me. 11Nɔvinyewo, mele esia gblɔm, elabe Xloe ƒemetɔwo na menya be dzre le mia dome. 12#Dɔw 18.24. Nu si mewɔnɛ lae nye be: wobe mia dome ame aɖewo be: “Paulo dzie mele.” Bubu ya be: “Apolo dzie mele.” Ame kemɛ be: “Kefas yome mele,” eye bubu hã be: “Kristo ƒe akpa dzie nye ya mele.” 13Mabia mi se: Akpa vovovo mee woma Kristo ɖoa? Pauloe woklã ɖe ati ŋuti ɖe mia ta loo, alo Paulo ŋkɔ mee wole mawutsi na mi ɖoa? 14#Dɔw 18.8; Dɔw 19.29; Rom 16.23. Meda akpe na Mawu be hekpe ɖe Gayo kple Krispo ŋuti la, nyemegale mawutsi na ame aɖeke, 15ne woava gblɔ be nye ŋkɔ mee wole tsi na yewo le o. 16#Kor I, 16.15. Ahã, meɖo ŋku edzi be megale mawutsi na Stefana ƒemetɔwo hã. Ame siawo megbe la, nyemegaɖo ŋku edzi be mele mawutsi na ame bubu aɖeke o. 17Menye mawutsilele gbee Kristo ɖom ɖo o, ke boŋ be maɖe gbeƒã Nyanyui la. Womedi tso asinye hã be matsɔ nu nyui ƒoƒo ƒe aɖaŋu aɖe gbeƒã lae o, anye ne ŋusẽ aɖeke maganɔ Kristo ƒe atitsoga la ŋu o.
Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya
18Atitsogaŋunya si meɖea gbeƒãe la, movinya ko wònye le ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la gbɔ; ke mí, ame siwo woxɔ ɖe agbe ya la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí. 19#Yes 29.14. Woŋlɔ ɖe mawunya me be:
“Mana nunyala ƒe nunya natsrɔ̃,
eye maɖe nugɔmesela ƒe nugɔmesese ɖa.”
20 #
Hiob 12.17; Yes 19.12; 33.18;
Yes 44.25. Ekema afi ka ame si be yenya nu la le? Afi ka agbalẽfiala la le? Xexe sia me nyaʋlila la ɖe? Ɖe Mawu metrɔ amegbetɔ ƒe nunya wòzu movidzɔdzɔ oa?
21 #
Nya 13.1-9. Esi xexea me de eya ŋutɔ ƒe nunya tsɔ ge adze si Mawu do kpoe ta la, edze Mawu ŋu be wòatsɔ míaƒe movinya si míeɖea gbeƒãe la aɖe ame siwo xɔ edzi se la ƒe agbe. 22Yudatɔwo la nukunu wodina be yewoakpɔ, eye Helatɔwo ya tia nunya yome, 23ke míawo ya la, Kristo si woklã ɖe ati ŋuti la ƒe gbeƒã ɖem míele. Atitsoganya sia nye nuɖiaɖia na Yudatɔwo, eye wònye movinya le Helatɔwo gbɔ. 24Le ame siwo Mawu tia gome ya la, woɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, Kristo siae nye Mawu ƒe ŋusẽ kple eƒe nunya. 25Elabe nunya le Mawu ƒe nuwɔna si dzé abe movinu ene la me sãa wu amegbetɔ tɔ, eye Mawu ƒe nuwɔna si dzé abe ɖe wògbɔdzɔ ene la, ŋusẽ le eme wu amegbetɔ tɔ.
26Nɔviwo, mikpɔ mi ame siwo woyɔ la ɖa! Le xexea me ƒe nukpɔkpɔ nu la, nunyalawo mesɔ gbɔ le mia dome o; ŋusẽtɔwo hã mebɔ ɖe mia dome o, eye nenema ke mia dome ame geɖe hã medzɔ tso ƒome siwo ŋu bubu le la me o. 27Mawu tia nu siwo dzé movinuwoe le xexea me la be yeatsɔ wo ado ŋukpe nunyalawoe, eye wòtia nu siwo gbɔdzɔ la hã, be yeatsɔ ado ŋukpe ŋusẽtɔwoe. 28Gawu la, nu siwo amewo mebuna ɖe naneke me o, eye womeɖi naneke o lae Mawu tia. Etia nu siwo menɔ anyi kpɔ o kura gɔ̃ hã, be yeatsɔ aɖe nu siwo li xoxo la ɖa. 29Mawu wɔ esia, ale be amegbetɔ aɖeke nagaƒo adegbe le eŋkume o. 30Mawu sia ke gbɔe wòtso be miezu ɖeka kple Kristo Yesu. Mawu wɔ Kristo sia wòzu míaƒe nunya. Eto edzi tso afia na mí hekɔ mía ŋuti. Gawu la, Mawu to Kristo dzi ɖe mí hexɔ mí ɖe agbe. 31#Yer 9.24. Eya tae woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Ame si be yeaƒo adegbe la, netsɔ Aƒetɔ la ƒo adegbee.”
اکنون انتخاب شده:
Korintotɔwo I, 1: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.