Korintotɔwo I, KPƆKPLƆYIƉEME

KPƆKPLƆYIƉEME
Paulo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, si wòŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo la ƒo nu le nu siwo le fu ɖem le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple xɔse le hame si wòɖo anyi ɖe afi ma me la ŋu. Ɣe ma ɣi la, Korinto nye Helatɔwo ƒe du gã aɖe. Dua me nɔlawo ƒe akpa gãtɔ tso teƒe bubuwo va tso aƒe ɖe afi ma. Du sia nye Axaya-nutome ƒe dugã, eye wònɔ Roma-dziɖuɖua te. Korinto nye asidu vevi aɖe, eye emenɔlawo dàna ŋutɔ ɖe woƒe kɔnuwo dzi. Subɔsubɔhabɔbɔ vovovowo le dua me, eye ahasigbenɔnɔ si yia edzi le afi ma la de du.
Nu vevitɔ, siwo ŋu Amedɔdɔ Paulo ƒo nu le la dometɔ aɖewo nye: memama kple ahasigbenɔnɔ le hamea me, ŋutsu kple nyɔnu ƒe hadede, srɔ̃ɖeɖe, nya siwo ku ɖe ame ƒe dzitsinya ŋu, hameɖoɖowo, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunanawo kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi. Paulo tsɔ Nyanyui la ɖe nya siwo ku ɖe tanya siawo ŋu la me tsitotsito.
Ta wui enelia ɖee fia be lɔlɔ̃e nye Mawu ƒe nunana nyuitɔ kekeake si wòna eƒe amewo. Ta sia me nyawoe nye esiwo ame geɖe nya nyuie wu le agbalẽ bliboa me.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Kpɔkplɔyiɖeme 1.1-9
Memama siwo le hamea me nɔlawo dome 1.10—4.21
Ŋutsu kple nyɔnu ƒe hadede kple srɔ̃gbenɔnɔ 5.1—7.40
Kristotɔwo kple trɔ̃subɔlawo 8.1—11.1
Hamea ƒe agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ 11.2—14.40
Kristo ƒe tsitretsitsi kple xɔsetɔwo tɔ 15.1-58
Nunana si woɖo ɖe Kristotɔ siwo le Yudea 16.1-4
Paulo ŋutɔ ƒe nya aɖewo na hamea kple agbalẽa nuwunyawo 16.5-24

اکنون انتخاب شده:

Korintotɔwo I, KPƆKPLƆYIƉEME: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید