1
Korintotɔwo I, 1:27
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Mawu tia nu siwo dzé movinuwoe le xexea me la be yeatsɔ wo ado ŋukpe nunyalawoe, eye wòtia nu siwo gbɔdzɔ la hã, be yeatsɔ ado ŋukpe ŋusẽtɔwoe.
مقایسه
Korintotɔwo I, 1:27 را جستجو کنید
2
Korintotɔwo I, 1:18
Atitsogaŋunya si meɖea gbeƒãe la, movinya ko wònye le ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la gbɔ; ke mí, ame siwo woxɔ ɖe agbe ya la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí.
Korintotɔwo I, 1:18 را جستجو کنید
3
Korintotɔwo I, 1:25
Elabe nunya le Mawu ƒe nuwɔna si dzé abe movinu ene la me sãa wu amegbetɔ tɔ, eye Mawu ƒe nuwɔna si dzé abe ɖe wògbɔdzɔ ene la, ŋusẽ le eme wu amegbetɔ tɔ.
Korintotɔwo I, 1:25 را جستجو کنید
4
Korintotɔwo I, 1:9
Mawu, ame si yɔ mi vɛ be miava de ha kple Via, mía Aƒetɔ Yesu Kristo la, nuteƒewɔla wònye.
Korintotɔwo I, 1:9 را جستجو کنید
5
Korintotɔwo I, 1:10
Nɔviwo, metsɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo lé afɔ na mi be miaƒe nu nasɔ, eye memama naganɔ mia dome o. Milé nɔvisi le nya siwo ŋu miebuna kple nu siwo dzi mieɖoa kpee la me.
Korintotɔwo I, 1:10 را جستجو کنید
6
Korintotɔwo I, 1:20
Ekema afi ka ame si be yenya nu la le? Afi ka agbalẽfiala la le? Xexe sia me nyaʋlila la ɖe? Ɖe Mawu metrɔ amegbetɔ ƒe nunya wòzu movidzɔdzɔ oa?
Korintotɔwo I, 1:20 را جستجو کنید