1
Marko 3:35
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eyae nye nɔvinye kple nɔnye.”
مقایسه
Marko 3:35 را جستجو کنید
2
Marko 3:28-29
“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me, be woatsɔ ame ƒe nuvɔ̃ ɖe sia ɖe kple busunya, siwo wògblɔna la akee; gake ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee akpɔ gbeɖe o, elabe eɖi fɔ; ewɔ nuvɔ̃ si anɔ anyi ɖikaa.”
Marko 3:28-29 را جستجو کنید
3
Marko 3:24-25
Ne fiaɖuƒe aɖe tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaɖuƒe ma mate ŋu ali ke o. Nenema ke ne aƒe aɖe me tɔwo ama ɖe eve ɖe wo nɔewo ŋuti la, ekema aƒe ma mate ŋu anɔ te o.
Marko 3:24-25 را جستجو کنید
4
Marko 3:11
Ne gbɔgbɔ makɔmakɔwo kpɔe ko la, wodzea anyi ɖe eƒe afɔnu, eye wodoa ɣli gblɔna be: “Wòe nye Mawu Vi la!”
Marko 3:11 را جستجو کنید