1
Mateo 1:21
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ele ŋutsuvi dzi ge, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabe eyae aɖe eƒe dukɔa tso woƒe nuvɔ̃wo me.”
مقایسه
Mateo 1:21 را جستجو کنید
2
Mateo 1:23
“Kpɔ ɖa, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi. Woana ŋkɔe be Imanuel” (si gɔmee nye Mawu li kpli mí).
Mateo 1:23 را جستجو کنید
3
Mateo 1:20
Esime wòle nu sia ŋuti bum la, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ be: “Yosef, David vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ o, elabe fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso.
Mateo 1:20 را جستجو کنید
4
Mateo 1:18-19
Ale Yesu Kristo ƒe dzidzi lee nye esi: Yosef bia Maria ta be yeaɖe. Ke do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea la, Maria fɔ fu tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. Ale srɔ̃a Yosef si nye ame dzɔdzɔe, eye medi be yeado ŋukpee o la ɖo tame be yeaɖe asi le eŋu dzaa ko.
Mateo 1:18-19 را جستجو کنید