YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 7

7
Kpɔɖeŋu tso srɔ̃ɖeɖe ŋu
1Nɔviwo, mi ame siwo nya Mose ƒe se la la, miase nya sia me nam. Miawo ŋutɔ mienyae, be se la bla ame, zi ale si wòle agbe la ko. 2Le kpɔɖeŋu me, se bla nyɔnu srɔ̃tɔ ɖe srɔ̃a ŋu, nenye be ŋutsua nyale agbe ko. Ke ne ŋutsua ku la, ekema nyɔnu la vo tso se ma, si blae ɖe ŋutsua ŋu la si me. 3Ale ne ede ŋutsu bubu gbɔ, esime srɔ̃a le agbe la, ekema ezu ahasitɔ. Ke ne srɔ̃a ku la, se sia megablae o, eye ne eɖe ŋutsu bubu la, mewɔ ahasi o.
4Nɔvinyewo, alea wòle kple miawo hã. Le se la gome la, mieku, elabe mienye Kristo ƒe ŋutinu aɖe, eye fifia la, miezu eya, ame si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, bene míawɔ dɔ nyui, si aɖe vi na Mawu. 5Elabe esime míenɔ agbe ɖe dzɔdzɔme nu la, didi vɔ̃, siwo se la nyɔna le míaƒe ŋutilã me la wua mí. 6Ke azɔ la, míedo tso se la si me, elabe míeku na se si de ga mí goŋ tsã la. Ale míaƒe subɔsubɔ meganye tsãtɔ, si ku ɖe se, si woŋlɔ ɖe agbalẽ me la tɔgbe ŋu o, ke boŋ ezu agbenɔnɔ yeye, si Gbɔgbɔ la nana míenɔna la.
Se la nana be ame wɔa nuvɔ̃
7 # Mos II, 20.17; Mos V, 5.21. Nya ka míagblɔ azɔ? Ɖe míagblɔ be se la nye nuvɔ̃a? Mele nenema kura o! Ke ne se la ɖe meli o la, anye ne nyemedze si nu si nye nuvɔ̃ o. Ne se la ɖe megblɔ be: “Mègabiã ŋu o” la, anye ne nyemenya ale si wobiãa ŋui o. 8To se la dzi la, nuvɔ̃ kpɔ mɔnu nyɔ ŋubiabiã ɖe sia ɖe ƒomevi le menye. Ne se la ɖe meli o la, anye ne ŋusẽ aɖeke manɔ nuvɔ̃ si o. 9Nye ŋutɔ menɔ agbe se la manyamanyae kpɔ. Ke tso esime meva nya be se la li ko la, nuvɔ̃ nyɔ hefɔ ɖe tsitre zi ɖeka, 10eye meku. Ale se si wona be wòahe agbe vɛ nam la, zu ku boŋ nam. 11#Mos I, 3.13. Ale nuvɔ̃ kpɔ mɔnu to se la dzi blem, hewum. 12Nu kɔkɔe se la ŋutɔ nye hafi. Nenema ke ɖoɖoawo hã le kɔkɔe, dzɔdzɔe eye wonyo.
13Ekema nu nyui siae zu ku nama? Ao, menye nenema o. Ke boŋ nuvɔ̃e wɔ nu nyui la ŋudɔ tsɔ he ku vɛ nam. Ale si nuvɔ̃ nye nuvɔ̃ɖi la dze ƒã le esia me be etoa se la ŋutɔ me gavɔ̃ɖina ɖe edzi wu gɔ̃.
Aʋawɔwɔ si le edzi yim le ame me
14Míenya be sea la, gbɔgbɔmenu wònye; nye la, menye amegbetɔ si wodzra na nuvɔ̃. 15#Gal 5.17. Nye ŋutɔ nyemesea nye nuwɔna gɔme o. Nu si medi be mawɔ la, menye eyae mewɔna o, ke nu si melé fui la boŋ mewɔna. 16Azɔ nenye be nu si nyemedi be mawɔ o lae mewɔna la, ekema melɔ̃ ɖe edzi be se la tɔ dzɔ. 17Ale nu si wɔm mele la, meganye nye ŋutɔe le ewɔm o, ke boŋ nuvɔ̃ si le menye lae. 18Menya be nu nyui aɖeke mele nye ŋutɔ menye o, le ale si medzɔ abe amegbetɔ ene la ta. Togbɔ be medina vevie be mawɔ nu nyui hã la, nyemete ŋu wɔnɛ o. 19Nu nyui si medina be mawɔ la, nyemewɔa eya o, ke boŋ nuvɔ̃ɖi, si nyemedina be mawɔ o lae mewɔna. 20Ne nu si nyemedina be mawɔ o lae mewɔna la, ekema meganye nye ŋutɔe nye ma le nua wɔm o, ke boŋ nuvɔ̃ si le menye lae.
21Ale meke ɖe se sia ŋu le ɖokuinye me be, ne medi be mawɔ nyui la, vɔ̃ boŋ koe mewɔna. 22Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ɖokuinye me ke. 23Ke mekpɔ be se bubu sãa ye le dɔ wɔm le nye ŋutinuwo me, eye eya tsi tre ɖe esi dzi meda asi ɖo le nye susu me la ŋu. Se sia tsɔm de ga me na nuvɔ̃ ƒe se, si le dɔ wɔm le nye ŋutinuwo me la. 24Ao, nye nublanuitɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã sia, si hem ɖo ta ku gbɔe la si me? 25Akpe na Mawu kakaka to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi! Azɔ la, ale si mele lae nye esi: mewɔa Mawu ƒe se la dzi le ɖokuinye si le dzime, ke mele nuvɔ̃ ƒe se te le nye ŋutilã me.

Currently Selected:

Romatɔwo 7: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in