Romatɔwo 8
8
Agbenɔnɔ ɖe nu si Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ la nu
1Azɔ la, ame aɖeke mate ŋu abu fɔ ame siwo le hadede me kple Kristo Yesu la o. 2Elabe Gbɔgbɔ ƒe se, si naa agbe le Kristo Yesu me la, ɖem tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si me. 3Nu si se la mete ŋu wɔ o, elabe ŋutilã la xɔ ŋusẽ le esi la, eyae Mawu wɔ azɔ. Edɔ Via ɖa le amegbetɔ ƒe ŋutilã, si wɔa nuvɔ̃ la me, ɖe nuvɔ̃ ta, eye wòva bu fɔ nuvɔ̃ heɖee ɖa. 4Mawu wɔ esia ale be mí ame siwo zɔna le Gbɔgbɔ nu, ke menye le ŋutilã nu o la, míade blibo le nu dzɔdzɔe wɔwɔ si se la di tso mía si be míawɔ la me. 5Elabe ame siwo nɔa agbe abe ale si woƒe ŋutilã dii ene la, nu siwo ŋutilã hiã la, ŋu ko wobuna. Ke ame siwo nɔa agbe abe ale si Gbɔgbɔ la dii ene la, nu siwo Gbɔgbɔ la hiã la, ŋu ko wobuna. 6Ame si bua nu siwo eƒe ŋutilã di la ɖeɖe ko ŋu la, aku; ke ame si bua nu siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ la di la ɖeɖe ko ŋu la, eyae anɔ agbe ahakpɔ ŋutifafa. 7Ale ame si bua nu siwo ŋutilã di la ɖeɖe ko ŋu la, zua Mawu ƒe futɔ, eye mewɔa Mawu ƒe se dzi o. Le nyateƒe me la, mate ŋui hã o vavã. 8Ame siwo nɔa agbe abe ale si woƒe ŋutilã dii ene la, ƒe nuwɔna mate ŋu adze Mawu ŋu o.
9Ke ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ la xɔ anyinɔ ɖe mia me keŋ la, miegale agbe ɖe nu si ŋutilã di la nu o, ke boŋ nu si Gbɔgbɔ la di la nue miele agbe le. Ame si me Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele o la, menye Kristo tɔ o. 10Ke ne Kristo le mia me la, ekema togbɔ be miaƒe ŋutilã aku le nuvɔ̃ ta hã la, miaƒe gbɔgbɔ ya anɔ agbe, esi wobu mi be miele dzɔdzɔe xoxo ta. 11#Kor I, 3.16. Ne ame si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe Gbɔgbɔ le mia me la, ekema eya, ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la, agbɔ agbe miawo hã miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la, to eƒe Gbɔgbɔ si le mia me la dzi.
12Ale, nɔviwo, dɔ aɖe tsi mía ŋu, si wòdze be míawɔ godoo. Ke menye dɔ si ŋutilã di la wònye, ne míanɔ agbe le nu si ŋutilã di la nu o. 13Ne mienɔ agbe ɖe nu siwo ŋutilã di nu la, miaku. Ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ la wu dɔwɔna, siwo ŋutilã wɔna la, mianɔ agbe. 14Ame siwo katã Mawu ƒe Gbɔgbɔ la kplɔna la, Mawu viwo wonye. 15#Gal 4.5-7.#Mar 14.36; Gal 4.6. Menye gbɔgbɔ, si nɔa kluviwo me la wotsɔ na mi, bene mianɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si nɔa viwo mee miexɔ. Esia ta ne míedo ɣli be: “Aba, Tɔ́!” la, 16Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔe wɔ ɖeka kple míaƒe gbɔgbɔ heɖia ɖase na mí be Mawu viwo míenye. 17Ke nenye be Mawu viwo míenye la, ekema Mawu ƒe domenyilawo hã míenye, eye míanyi dome kple Kristo. Ale si míekpe fui abe Kristo ene la, nenema kee woado míawo hã ɖe dzi abe eya ene.
Ŋutikɔkɔe si le vava ge la
18 #
Nya 3.5, 6. Le nye nukpɔkpɔ nu la, ne wotsɔ fu siwo kpem míele fifia la sɔ ɖe ŋutikɔkɔe si ɖe ge woala afia mí ŋu la, fukpekpeawo meɖi naneke kura o. 19Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã le lalam hetsi dzi vevie be Mawu naɖe viawo ɖe go afia. 20#Mos I, 3.17-19. Elabe wobu fɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo be wonye nu maɖinuwo, ke menye le wo ɖokui si o; Mawu ŋutɔe ɖoe be wòanɔ nenema. Ke hã la, mɔkpɔkpɔ sia li, 21be gbe aɖe gbe la, nu siwo katã Mawu wɔ la maganye kluviwo azɔ o. Woava vo, eye womagblẽ o, ale be woawo hã woakpɔ gome le ablɔɖe kple ŋutikɔkɔe si na ge woala Mawu viwo la me. 22Elabe míenya be va se ɖe fifi la, Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã le veve sem hele ŋeŋem, abe nyɔnu funɔ si fú le ɖuɖum la ene. 23#Kor II, 5.2-4. Ke menye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ɖeɖe ko hãe o, ke boŋ mí ame siwo do ŋgɔ ɖɔ Gbɔgbɔ la ƒe nunanawo kpɔ la hãe. Míele ŋeŋem le mía ɖokui me, hele lalam be woaɖe míaƒe ŋutilã be míazu viwo. 24Mɔkpɔkpɔ siae na Mawu xɔ mí ɖe agbe. Nu si kpɔm ame aɖe le xoxo la, megakpɔa mɔ nɛ o. Ame ka gakpɔa mɔ na nu si kpɔm wòle la? 25Ke ne míele mɔ kpɔm na nu si míekpɔna o la, ekema míedo dzi le elalam.
26Alea tututue Gbɔgbɔ la kpena ɖe mí ame siwo gbɔdzɔ la hã ŋui, elabe míenya ale si míado gbe ɖa wòadze Mawu ŋu o. Ke Gbɔgbɔ la ŋutɔe xɔa nya ɖe mía nu le Mawu gbɔ kple ŋeŋe manyagblɔ. 27Mawu, ame si dzroa amewo katã ƒe dzime kpɔna la, nya Gbɔgbɔ la ƒe didi, elabe Gbɔgbɔ lae xɔa nya ɖe ame siwo ŋu wokɔ la nu, abe ale si Mawu ŋutɔ ɖoe la ene.
28Míenyae be Mawu wɔa nuwo katã wova zua nyui na ame siwo lɔ̃e la. Ame siawoe eya ŋutɔ yɔ, abe ale si wòɖoe da ɖi la ene. 29Mawu tia ame siwo wònya xoxo la ɖi be woava zu abe ye Vi la ene, ale be ye Vi nava nye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome. 30Ame siwo ŋu wòwɔ ɖoɖo sia ɖo la, woawo hãe wòyɔ. Ame siwo wòyɔ la, woawo hãe wòbu be wole dzɔdzɔe, eye ame siwo wòbu be wole dzɔdzɔe la, woawo hãe wòdo ɖe dzi.
Yesu Kristo ɖe ale si gbegbe Mawu lɔ̃ mí la fia
31Azɔ nu ka fiam nya siawo katã le? Ne Mawu le mía dzi la, ame ka atsi tre ɖe mía ŋuti? 32Mawu ma, si megbe Via tsɔtsɔ na mí o, ke boŋ wòtsɔe na faa ɖe mí katã mía ta la, ɖe matsɔ nu bubuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa? 33Ame ka ate ŋu atsɔ nya ɖe Mawu ƒe ame tiatiawo ŋu? Mawu ŋutɔe bua ame be ele dzɔdzɔe. 34Ɖe ame aɖe ate ŋu abu fɔ mía? Kristoe nye ame si ku; ke, gawu la, eyae nye ame si wofɔ ɖe tsitre hã, ame si le Mawu ƒe ɖusime, eye wòxɔa nya ɖe mía nu. 35Ame ka alo nu ka gɔ̃ ate ŋu ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ na mí gbɔ? Fukpekpe, alo xaxa, alo yometiti, alo dɔwuame, alo amamanɔnɔ, alo ŋɔdzinu aɖe, alo amewuwu kple lãnu loo? 36#Ps 44.22. Woŋlɔe ɖe mawunya la me be:
“Wole mía wuwu dzi ɖe tawò
ŋkeke blibo la;
Wobu mí ko abe alẽ,
siwo wu ge woyina la ene.”
37Ke le nu siawo katã me la, míeɖu dzi wu ale si míebui gɔ̃ hã, elabe Kristo lɔ̃ mí. 38Elabe meka ɖe edzi bliboe be naneke meli, si ama mí ɖa tso eƒe lɔlɔ̃ gbɔ o: kue loo, alo agbe yea? Mawudɔlawoe loo, alo gbɔgbɔmeŋusẽwo yea? Nu siwo li fifiae loo, alo nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la yea? 39Ŋusẽ siwo le dziƒo ʋĩi ke lae loo, alo esiwo le gogloƒewo ke lae loo, alo nuwɔwɔ bubu ƒomevi aɖe yea? Naneke kura meli, si ate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ na mí, si míekpɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ dzi la gbɔ akpɔ gbeɖe o.
Currently Selected:
Romatɔwo 8: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.