Romatɔwo 6
6
Míele agbe le Kristo ta
1Azɔ nya ka gblɔ ge mía la ? Ɖe míagblɔ be mínɔ nuvɔ̃ wɔwɔ dzi, ale be Mawu hã nanɔ mía nu vem ɖe edzi wua? 2Gbeɖe! Ale ke wɔ mí ame siwo ku na nuvɔ̃ xoxo la, míaganɔ ewɔwɔ dzi? 3Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wole mawutsi na be míawɔ ɖeka kple Kristo Yesu la, ɖe wolee na mí be míawɔ ɖeka kplii le eƒe ku me hã oa? 4#Kol 2.12. Eya ta esi wole mawutsi na mí ko la, míeku abe eya ene xoxo, eye woɖi mí kpakplii. Ale be, abe ale si wofɔ Kristo tso ame kukuwo dome le Tɔ́ la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míanɔ agbe yeyee.
5Elabe ne míewɔ ɖeka kplii le ku si wòku la me la, ekema míaganɔ ɖeka kplii godoo atsi tsitre hã tso ame kukuwo dome abe eya ke ene. 6Míenya esia be woklã nɔnɔme xoxo, si nɔ mía si la, ɖe atitsoga ŋu kple Kristo, be ŋutilã sia, si lɔ̃ nuvɔ̃ wɔwɔ la, natsrɔ̃ ɖa keŋ, ale be míaganye nuvɔ̃ ƒe kluviwo azɔ o. 7Elabe ne ame aɖe nyaku ko la, edo le nuvɔ̃ si me. 8Ke ne míeku kple Kristo la, ekema míexɔe se be míanɔ agbe hã kpakplii. 9Míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ta, magaku akpɔ o. Ku megakpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. 10Ku si wòku la, nuvɔ̃e wòkui na, zi ɖeka ko, hena ɣeyiɣiawo katã; ke agbe si wòle fifia ya nye Mawu tɔ. 11Alea ke wòle be miawo hã miabu mia ɖokui, be yewoku na nuvɔ̃, eye azɔ yewole agbe na Mawu le ɖeka si miewɔ kple Yesu Kristo ta.
12Eya ta migana nuvɔ̃ naɖu dzi azɔ le miaƒe ameti si le kuku ge la me, ale be wòazi mia dzi miawɔ eƒe didiwo dzi o. 13Migaɖe asi le miaƒe ŋutinu aɖeke ŋu na nuvɔ̃, ne wòatsɔe ayi nuvɔ̃ɖi aɖeke wɔ gee o. Le esia teƒe la, mitsɔ mia ɖokui kè Mawu faa boŋ, abe ame siwo woɖe tso ku me va agbe me la ene. Miɖe asi le miaƒe ŋutinuwo ŋu na Mawu, be woanye ŋudɔwɔnu siwo wòatsɔ awɔ nu dzɔdzɔe lae. 14Mele be nuvɔ̃ nagaɖu mia dzi azɔ o, elabe miegale se te o, ke boŋ Mawu ƒe amenuvenu tee miele.
Míenye nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe kluviwo
15Nya ka wònye gblɔm míele? Ɖe míagblɔ be míate ŋu aganɔ nuvɔ̃ wɔm faa, elabe míegale se te o, eye Mawu le mía nu vem taa? Gbeɖe! 16Mienya nyuie be, ne mietsɔ mia ɖokui wɔ subɔlawoe na ame aɖe, be yewoaɖo toe la, miezu ame si ƒe gbe dzi wɔm miele la ƒe kluviwo. Nenye nuvɔ̃ ƒe gbe dzie miewɔ la, yomedzenu lae nye ku; nenye Mawu ƒe gbe dzie miewɔ la, yomedzenu lae nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ. 17Akpe na Mawu kakaka! Elabe mi ame siwo nye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã la, mieva xɔ nufiafia sia kple dzi blibo hele edzi wɔm pɛpɛpɛ. 18Ale be miedo le nuvɔ̃ si me, eye mieva zu Mawu ƒe kluviwo, be miawɔ nu dzɔdzɔe. 19Mele nu ƒom ko, abe amegbetɔ ene, le ale si amegbetɔ gbɔdzɔnae ta, be miate ŋu ase eme. Nu si mewɔnɛ lae nye be, tsã la, mieɖe asi le miaƒe ŋutinuwo ŋu, eye wozu kluviwo nɔ nu makɔmakɔ kple nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi wɔm. Nenema ke migaɖe asi le miaƒe ŋutinuwo ŋu fifia hã, be woanye kluvi siwo awɔ nu dzɔdzɔe, esi fia be woawɔ nu si le kɔkɔe la.
20Esi mienye nuvɔ̃ ƒe kluviwo la, menye dzizizi be miawɔ nu dzɔdzɔe o. 21Viɖe ka miekpɔ tso nuwɔna mawo, siwo va le ŋu kpem na mi fifia la me? Ku koe nuwɔna mawo hena vɛ mlɔeba. 22Ke fifia la, woɖe mi tso nuvɔ̃ si me, eye mieva zu Mawu ƒe kluviwo. Viɖe, si miekpɔ lae nye be mietsɔ miaƒe agbe nae blibo, be woawɔe kɔkɔe, eye le nuwuwu la, miakpɔ agbe mavɔ. 23Kue nye nu si nuvɔ̃ tsɔna xea fee, ke nunana si Mawu na faa lae nye agbe mavɔ, esi ame siwo le hadede me kple Kristo Yesu mía Aƒetɔ la, xɔna.
Currently Selected:
Romatɔwo 6: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.