1
Romatɔwo 7:25
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Akpe na Mawu kakaka to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi! Azɔ la, ale si mele lae nye esi: mewɔa Mawu ƒe se la dzi le ɖokuinye si le dzime, ke mele nuvɔ̃ ƒe se te le nye ŋutilã me.
Compare
Explore Romatɔwo 7:25
2
Romatɔwo 7:18
Menya be nu nyui aɖeke mele nye ŋutɔ menye o, le ale si medzɔ abe amegbetɔ ene la ta. Togbɔ be medina vevie be mawɔ nu nyui hã la, nyemete ŋu wɔnɛ o.
Explore Romatɔwo 7:18
3
Romatɔwo 7:19
Nu nyui si medina be mawɔ la, nyemewɔa eya o, ke boŋ nuvɔ̃ɖi, si nyemedina be mawɔ o lae mewɔna.
Explore Romatɔwo 7:19
4
Romatɔwo 7:20
Ne nu si nyemedina be mawɔ o lae mewɔna la, ekema meganye nye ŋutɔe nye ma le nua wɔm o, ke boŋ nuvɔ̃ si le menye lae.
Explore Romatɔwo 7:20
5
Romatɔwo 7:21-22
Ale meke ɖe se sia ŋu le ɖokuinye me be, ne medi be mawɔ nyui la, vɔ̃ boŋ koe mewɔna. Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ɖokuinye me ke.
Explore Romatɔwo 7:21-22
6
Romatɔwo 7:16
Azɔ nenye be nu si nyemedi be mawɔ o lae mewɔna la, ekema melɔ̃ ɖe edzi be se la tɔ dzɔ.
Explore Romatɔwo 7:16
Home
Bible
Plans
Videos