Romatɔwo 5
5
Mawu bu mí be míele dzɔdzɔe azɔ
1Azɔ esi Mawu bu mí be míele dzɔdzɔe to xɔse me vɔ la, ŋutifafa le mía kple Mawu dome,#5.1: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo gblɔ be: “Mina ŋutifafa nanɔ mía kple Mawu dome.” to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi. 2To eyama dzi la, mɔ ʋu na mí azɔ, be Mawu nave mía nu, eye míele eƒe amenuvenu la me fifia. Míele mɔ kpɔm kple dzidzɔ, be míawo hã míakpɔ gome le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la me. 3Gawu la, míekpɔa dzidzɔ ne míexaxa gɔ̃ hã, elabe míenya be xaxawo nana be míesrɔ̃a dzidodo, 4eye dzidodo nana be míelia ke, eye kelili nana be míesrɔ̃a ale si míakpɔ mɔe, 5eye mɔkpɔkpɔ menana be míeɖua ŋukpe o. Elabe Mawu trɔ eƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dzime to Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si wona mí la dzi.
6Elabe esime wɔna vɔ le mía ŋu keŋ la, ɣe ma ɣi me tututue Kristo ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta. 7Bebli hafi ame aɖe alɔ̃ be yeaku ɖe ame dzɔdzɔe aɖe ta; ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe ame si nyoa dɔme na ame la ya ta. 8Ke Mawu ɖe ale si wòlɔ̃ mí la fia mí, le esia me be, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. 9Ale, esi wobu mí be míele dzɔdzɔe le Kristo ƒe ku la ta la, Mawu aɖe mí geɖe wu tso eƒe dziku me. 10Elabe esime míenye Mawu ƒe futɔwo la, Via ku ɖe mía ta helé avu mí. Esi wòlé avu mí vɔ fifia la, ele mía ɖe ge geɖe wu, elabe ele agbe. 11Menye ema ɖeɖe koe o, ke boŋ Mawu wɔe be míawo hã míekpɔa dzidzɔ, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, elabe eyae lé avu le mía kple Mawu dome.
Vovototo si le Adam kple Kristo dome
12 #
Mos I, 3.6; Nya 2.24. Nu vɔ̃ to ame ɖeka ko dzi ge ɖe xexea me, eye ku to nuvɔ̃ dzi va. Ale ku kaka ɖe amegbetɔƒomea katã dome elabe ame sia ame wɔ nuvɔ̃. 13Le nyateƒe me la, nuvɔ̃ nɔ xexea me hafi Mose ƒe se la va. Ke ne se meli o la, womebua naneke be enye nuvɔ̃ o. 14Tso Adam ŋɔli ʋuu va se ɖe Mose ŋɔli la, ku nɔ ame wum. Evɔ la, ame siwo wum wònɔ la ƒe nuvɔ̃wo mele abe esi Adam wɔ la ene hafi o.
Adam de sɔsɔ ge kple ame si le vava ge la. 15Nenye be ame geɖewo ku le vo, si ame ɖeka aɖe da ta la, ekema eme kɔ ƒãa be Mawu ave ame geɖewo nu, eye wòatsɔ eƒe nunana la ana wo faa geɖe wu, le ale si ame ɖeka ma, si nye Yesu Kristo la, ve mía nui la ta. 16Nunana si Mawu na faa la, mele abe nu si ame ɖeka ma ƒe nuvɔ̃ he vɛ la ene o. Nu vɔ̃ si ame ɖeka ma wɔ la, wodrɔ̃ ʋɔnu, bu fɔ; ke nunana si Mawu na faa la wɔe be wobu ame geɖe siwo wɔ nuvɔ̃ la ya boŋ be wole dzɔdzɔe. 17Eme kɔ ƒãa be ame ɖeka ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la na be ku va ɖu dzi, le ame ɖeka sia ta. Ke nunana si Mawu ve ame nu hena faa la wɔ dɔ geɖe wu sãa! Ewɔ ame siwo xɔe la be wole dzɔdzɔe, eye ŋusẽ ɖo wo ŋu be woanɔ agbe, le ame ɖeka ma, si nye Yesu Kristo la ta.
18Ale, abe ale si ame ɖeka ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ na be wobu fɔ amewo katã be wo tɔ medzɔ o ene la, nenema ke ame ɖeka aɖe ƒe nu dzɔdzɔe si wòwɔ la, na be wodo ɣé na amewo katã be wo tɔ dzɔ, eye woxɔ wo ɖe agbe. 19Abe ale si ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo na be amewo katã zu nuvɔ̃wɔlawo ene la, nenema ke ame bubu hã ƒe toɖoɖo le nana ge be ame geɖe nazu ame dzɔdzɔewo. 20Se la ya ɖeko wòva be nuvɔ̃ wɔwɔ nagasẽ ŋu ɖe edzi; ke afi si nuvɔ̃ wɔwɔ sẽ ŋu le la, Mawu gavea ame nu geɖe wu. 21Ale be, abe ale si nuvɔ̃ ɖu dzi kple ku ene la, nenema ke Mawu ƒe amenuvenu hã le dzi ɖumee, be ame nawɔ nu dzɔdzɔe, ale be wòava nɔ agbe mavɔ to Yesu Kristo mía Aƒetɔ la dzi.
Currently Selected:
Romatɔwo 5: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.