1
Romatɔwo 6:23
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Kue nye nu si nuvɔ̃ tsɔna xea fee, ke nunana si Mawu na faa lae nye agbe mavɔ, esi ame siwo le hadede me kple Kristo Yesu mía Aƒetɔ la, xɔna.
Compare
Explore Romatɔwo 6:23
2
Romatɔwo 6:14
Mele be nuvɔ̃ nagaɖu mia dzi azɔ o, elabe miegale se te o, ke boŋ Mawu ƒe amenuvenu tee miele.
Explore Romatɔwo 6:14
3
Romatɔwo 6:4
Eya ta esi wole mawutsi na mí ko la, míeku abe eya ene xoxo, eye woɖi mí kpakplii. Ale be, abe ale si wofɔ Kristo tso ame kukuwo dome le Tɔ́ la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míanɔ agbe yeyee.
Explore Romatɔwo 6:4
4
Romatɔwo 6:13
Migaɖe asi le miaƒe ŋutinu aɖeke ŋu na nuvɔ̃, ne wòatsɔe ayi nuvɔ̃ɖi aɖeke wɔ gee o. Le esia teƒe la, mitsɔ mia ɖokui kè Mawu faa boŋ, abe ame siwo woɖe tso ku me va agbe me la ene. Miɖe asi le miaƒe ŋutinuwo ŋu na Mawu, be woanye ŋudɔwɔnu siwo wòatsɔ awɔ nu dzɔdzɔe lae.
Explore Romatɔwo 6:13
5
Romatɔwo 6:6
Míenya esia be woklã nɔnɔme xoxo, si nɔ mía si la, ɖe atitsoga ŋu kple Kristo, be ŋutilã sia, si lɔ̃ nuvɔ̃ wɔwɔ la, natsrɔ̃ ɖa keŋ, ale be míaganye nuvɔ̃ ƒe kluviwo azɔ o.
Explore Romatɔwo 6:6
6
Romatɔwo 6:11
Alea ke wòle be miawo hã miabu mia ɖokui, be yewoku na nuvɔ̃, eye azɔ yewole agbe na Mawu le ɖeka si miewɔ kple Yesu Kristo ta.
Explore Romatɔwo 6:11
7
Romatɔwo 6:1-2
Azɔ nya ka gblɔ ge mía la ? Ɖe míagblɔ be mínɔ nuvɔ̃ wɔwɔ dzi, ale be Mawu hã nanɔ mía nu vem ɖe edzi wua? Gbeɖe! Ale ke wɔ mí ame siwo ku na nuvɔ̃ xoxo la, míaganɔ ewɔwɔ dzi?
Explore Romatɔwo 6:1-2
8
Romatɔwo 6:16
Mienya nyuie be, ne mietsɔ mia ɖokui wɔ subɔlawoe na ame aɖe, be yewoaɖo toe la, miezu ame si ƒe gbe dzi wɔm miele la ƒe kluviwo. Nenye nuvɔ̃ ƒe gbe dzie miewɔ la, yomedzenu lae nye ku; nenye Mawu ƒe gbe dzie miewɔ la, yomedzenu lae nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
Explore Romatɔwo 6:16
9
Romatɔwo 6:17-18
Akpe na Mawu kakaka! Elabe mi ame siwo nye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã la, mieva xɔ nufiafia sia kple dzi blibo hele edzi wɔm pɛpɛpɛ. Ale be miedo le nuvɔ̃ si me, eye mieva zu Mawu ƒe kluviwo, be miawɔ nu dzɔdzɔe.
Explore Romatɔwo 6:17-18
Home
Bible
Plans
Videos