YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 4

4
Abraham ƒe kpɔɖeŋu ɖe xɔse ƒe vevinyenye fia
1Azɔ nya ka míate ŋu agblɔ tso Abraham, mía tɔgbui le dzidzime nu ŋuti? Nu kae wòkpɔ le nya sia ŋu? 2Nenye be Mawu ɖe wòbu Abraham be ele dzɔdzɔe le dɔ si wòwɔ ta la, ekema nane anɔ esi wòatsɔ aƒo adegbee, ke menye le Mawu ŋkume ya o. 3#Mos I, 15.6; Gal 3.6. Ke nya ka mawunya la gblɔ? Ebe: “Abraham xɔ Mawu dzi se, eya ta Mawu bui be ele dzɔdzɔe.” 4Ne ame aɖe wɔ dɔ woxe fe nɛ la, womebua fetua abe dɔmenyo ene o, ke boŋ abe nu si nye eya ŋutɔ tɔ wotsɔ nɛ la ene. 5Ke ne ame aɖe xɔ se be Mawu wɔa ame mavɔ̃mawu wòzua ame dzɔdzɔe togbɔ be ame sia mewɔ dɔ aɖeke o hã la, le eƒe xɔse ta, Mawu tsɔnɛ be enye ame dzɔdzɔe. 6Ale wɔ David hã gblɔ be ame si Mawu bu be ele dzɔdzɔe, evɔ menye ɖe nane si wòwɔ la ta o la, enye yayrame. Egblɔ be:
7 # Ps 32.1, 2. “Mawu yra ame siwo eya ŋutɔ tsɔ
woƒe vodadawo ke wo la,
ame siwo ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyɔ nui.
8Mawu yra ame si Aƒetɔ la mebu nuvɔ̃
na o la.”
9Ame siwo nye Yudatɔwo ɖeɖe ko Mawu yra loo, alo eyra ame siwo menye Yudatɔwo o la hãa? Míegblɔ be wobu Abraham be ele dzɔdzɔe le eƒe xɔse ta. 10Ke nɔnɔme ka mee wònɔ hafi wobui nɛ? Ɖe wotso aʋa nɛ hafi loo, alo wometsoe nɛ o? O, ɣe ma ɣi la, wometsoe nɛ haɖe o. 11#Mos I, 17.10. Emegbe hafi wova tso aʋa na Abraham, abe dzesi ene atsɔ aɖo kpe edzi, be Mawu bui be ele dzɔdzɔe le eƒe xɔse ta, togbɔ be le ɣe ma ɣi la, womekpɔ tso aʋa nɛ haɖe o hã. Ale Abraham va zu tɔ́ na ame siwo katã xɔ se. Togbɔ be wometso aʋa na wo o hã la, wobu wo be wole dzɔdzɔe. 12Nenema ke wòganye tɔ́ na ame siwo wotso aʋa na la hãe. Menye esi wotso aʋa na wo la ta ɖeɖe ko o, ke boŋ le esi wonɔ agbe le xɔse me, abe ale si mía tɔ́ Abraham nɔe ene, hafi wova tso aʋa nɛ la ta.
Mawu do ŋugbe na Abraham
13 # Mos I, 17.4-6; 22.17, 18; Gal 3.29. Mawu do ŋugbe na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo be yeatsɔ xexea me awɔ domenyinui na wo. Menye esi Abraham wɔ sea dzi tae Mawu do ŋugbe sia nɛ ɖo o, ke boŋ esi wòxɔ se, eye Mawu bui be ele dzɔdzɔe la tae. 14#Gal 3.18. Nenye be ame siwo wɔa sea dzi la koe axɔ nu si ŋugbe Mawu do la, ekema xɔse la zu nu dzodzro, eye ŋugbedodo la hã, woɖee ɖa. 15Mawu ƒe dzikue se la hena vanɛ. Ke afi si se mele o la, womedaa se dzi hã le afi ma o.
16 # Gal 3.7. Le esia ta la, xɔse dzie ŋugbedodo la tsi tsitre ɖo, ale be nu si ŋugbe wodo la va zu nu si Mawu ve mía nu hetsɔ na mí, ame siwo katã nye Abraham ƒe dzidzimeviwo la faa. Menye ame siwo wɔa sea dzi la ɖeɖe koe wòli na o, ke boŋ eli na ame siwo katã xɔ se la hã abe ale si Abraham xɔ se ene, elabe Abraham ye nye mí ame siwo katã xɔ se la tɔ́. 17#Mos I, 17.5. Woŋlɔ ɖi be: “Metsɔ wò ɖo dukɔ geɖewo tɔ́e.” Ale ŋugbedodo sia li ke le Mawu ŋkume. Mawu sia dzie Abraham xɔ se, eyae gbɔa agbe ame kukuwo, eye eyae yɔa nu siwo mele xexea me tsã o la wovana nɔa anyi. 18#Mos I, 15.5. Togbɔ be mɔkpɔkpɔ aɖeke meganɔ anyi o hã la, Abraham ya ganɔ mɔ kpɔm kple xɔse kokoko, be yele dukɔ geɖewo tɔ́ zu ge, abe ale si wogblɔe na ye la ene be: “Alea gbegbee wò dzidzimeviwo le agbɔ sɔ gee nye esi!” 19#Mos I, 17.17. Exɔ abe ƒe alafa ɖeka sɔŋ ene. Nenye be ebu eƒe ŋutilã si trɔ zu nu kuku vɔ kple ale si Sara hã ƒe vidzidɔ ku vɔ la ŋu la, eƒe xɔse agbɔdzɔ, ke esiawo mena eƒe xɔse gbɔdzɔ o. 20Meke ɖi le eɖokui me, le nu si ŋugbe Mawu do nɛ la ŋu, wòava zu be mexɔ Mawu dzi se o. Ke boŋ eƒe xɔse gasẽ ŋu ɖe edzi wu, eye wòtsɔ bubu na Mawu. 21Eka ɖe edzi bliboe be Mawu ate ŋu awɔ nu si ŋugbe wòdo la godoo. 22Le xɔse si le esi ta la, Mawu bui be ele dzɔdzɔe. 23Nya si wogblɔ be: “Mawu bui be ele dzɔdzɔe” la, menye Abraham ɖeɖe ko ta wogblɔe ɖo o, 24ke boŋ míawo hã mía tae. Mí ame siwo xɔ Mawu, ame si fɔ Yesu mía Aƒetɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome dzi se la, woabu míawo hã be míele dzɔdzɔe nenema ke. 25#Yes 53.4, 5. Míaƒe vodadawo tae wowui ɖo, eye Mawu fɔe ɖe tsitre, ale be woabu mí be míele dzɔdzɔe.

Currently Selected:

Romatɔwo 4: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in