YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 3

3
1Azɔ nu ka koŋ Yudatɔ tsɔ le ŋgɔ na ame si menye Yudatɔ o la, alo viɖe kawoe le aʋatsotso me? 2Viɖe siawo sɔ gbɔ ŋutɔ. Gbã la, Yudatɔwoe Mawu tsɔ eƒe nya la de asi na. 3Ke esi wo dometɔ aɖewo mehewɔ nuteƒe o ɖe? Esia ɖe wòfia be, le esia ta Mawu hã agbe nuteƒewɔwɔa? 4#Ps 51.4. Ao! Esia madzɔ akpɔ o. Ne amegbetɔ ɖe sia ɖe zu alakpatɔ hã la, Mawu ya, nyateƒetɔ ko wòanye godoo. Woŋlɔ ɖi be:
“Ne èƒo nu la,
tɔwò nedzɔ.
Ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò la,
woatso afia na wò godoo.”
5Ke azɔ nenye be nu madzɔmadzɔ, si mí amegbetɔwo míewɔna lae wɔnɛ be nu dzɔdzɔe, si Mawu wɔna la dzena ƒãa la, nu ka míate ŋu agblɔ le go sia me? Ɖe míagblɔ be Mawu wɔ nu madzɔmadzɔ, nenye be wòhe to na mía? (Mele nya sia biam, abe ale si amegbetɔ ƒoa nui ene.) 6Gbeɖe! Ne Mawu nye nu madzɔmadzɔ wɔla ɖe, ale ke wòate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu xexea mee? 7Ne ele alea be nye aʋatsokaka mee Mawu ƒe nyateƒe dzena le ƒãa, be woakafui la, ekema nu ka tae woagabum nuvɔ̃wɔlae? 8Ne ele alea ɖe, nu ka tae mímanɔ nuvɔ̃ wɔm ko, ale be nu nyui nanɔ go dom tso eme o? Ame aɖewo le aʋatso kam ɖe mía si xoxo, be eyae nye míaƒe nya míele gbɔgblɔm. Nyemegblɔ nenema o, ke ne wobu fɔ ame si agblɔ nya sia la, wo tɔ dzɔ.
Ame aɖeke mele dzɔdzɔe o
9Ekema azɔ la, ɖe mí Yudatɔwo mía tɔ me nyo wu ame bubuwo tɔ mea? Ao, menyo wu le go aɖeke me o! Míeɖe eme do ŋgɔ va yi xoxo, be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa le nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ te. 10#Ps 14.1-3; 53.1-3. Mawunya ɖo kpe edzi be:
“Ame aɖeke meli,
si le dzɔdzɔe o.
Ao, ɖeka pɛ hã meli o.
11Ame aɖeke meli,
si sea nu gɔme o,
eye ɖeke hã meli,
si dia Mawu ƒe mɔ o.
12Wo katã wotra mɔ;
wo katã woda ƒú,
eye ɖeke meli,
si wɔa nu nyui o.
Ɖeka pɛ hã meli o.
13 # Ps 5.9; Ps 140.3. Woƒe vehlo le kèke ɖi,
abe yɔdo nuvo ene.
Woblea ame ŋánaŋana kple woƒe aɖe.
Woƒe nyawo le abe da ƒe aɖi ene
le aɖe dzi na wo.
14 # Ps 10.7. Fiƒode kple veve helihelĩ yɔ
nu me na wo taŋ.
15 # Yes 59.7, 8. Wole du dzi,
yina ame wu ge.
16Ne wodzo yina la,
wogblẽ aƒedo kple vevesese ɖe megbe.
17Womenya ale si
wonɔa agbe le ŋutifafa me o,
18 # Ps 36.1. eye mawuvɔvɔ̃ ya
ɖekeɖeke mele ŋku dzi na wo o.”
19Azɔ míenya be nu siwo se la gblɔ la, ame siwo le se la tee wògblɔ wo na, be ame sia ame nadzudzɔ eɖokuinuɖeɖe, ale be Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexeme blibo la. 20#Ps 143.2; Gal 2.16. Womabu amegbetɔ aɖeke be ele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume, esi wòwɔ sea dzi ta o, elabe se la ɖeko wònana míedzea sii be nuvɔ̃ li boŋ.
Nu si nana Mawu bua ame be ele dzɔdzɔe
21Ke azɔ la, woɖe ale si Mawu bua ame be ele dzɔdzɔe la fia, eye esia meto se la dzi va o. Se la ŋutɔ kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo hã ɖi ɖase le esia ŋuti. 22#Gal 2.16. Mawu bua ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la be ele dzɔdzɔe. Mede vovototo aɖeke wo me o. 23Elabe ame sia ame wɔ nuvɔ̃, eye mete va Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ kura o. 24Ke Mawu ve wo nu, bu wo be wole dzɔdzɔe, abe nunana ene, esi Kristo Yesu xe fe ɖe wo nu la ta. 25Mawu ŋutɔe do ŋgɔ tsɔ Kristo la ɖo anyi be, to eƒe ku me la, woatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, ne míexɔ edzi se ko. Esia ɖee fia be Mawu wɔa nu dzɔdzɔe, elabe egbɔ dzi blewuu heŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃ siwo míewɔ tsã la dzi. 26Ewɔ esia be yeaɖee afia, le egbe ŋkeke siawo me, be ye ŋutɔ la, ɖe yele dzɔdzɔe, eye yebua ame si xɔ Yesu dzi se la hã be ele dzɔdzɔe.
27Azɔ la, nu ka koŋ míate ŋu agatsɔ aƒo adegbee? Naneke megali o. Susu ka tae? Esi míewɔ sea dzi tae loo? Gbeɖe, ke esi míexɔ se tae. 28Nyati si míetu tsitre lae nye be wobua ame be ele dzɔdzɔe, nenye be exɔ Kristo dzi se, ke menye esi wòwɔ sea dzi ta o. 29Alo Mawu la, Yudatɔwo ɖeɖe ko ƒe Mawu wònye loo? Ɖe menye ame siwo menye Yudatɔwo o la hã tɔ oa? Ẽ, enye woawo hã ƒe Mawu baa! 30#Mos V, 6.4; Gal 3.20. Ale Mawu ɖeka koe li. Eyae abu ame siwo nye Yudatɔwo be wole dzɔdzɔe le woƒe xɔse nu, eye wòabu ame siwo menye Yudatɔwo o la hã be wole dzɔdzɔe le woƒe xɔse nu. 31Ekema menye ɖee míetsɔ xɔse sia le se la ɖem ɖa oa? Kpao! Ɖe boŋ míelé se la ɖe te sesĩe.

Currently Selected:

Romatɔwo 3: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in