Le esia ta la, xɔse dzie ŋugbedodo la tsi tsitre ɖo, ale be nu si ŋugbe wodo la va zu nu si Mawu ve mía nu hetsɔ na mí, ame siwo katã nye Abraham ƒe dzidzimeviwo la faa. Menye ame siwo wɔa sea dzi la ɖeɖe koe wòli na o, ke boŋ eli na ame siwo katã xɔ se la hã abe ale si Abraham xɔ se ene, elabe Abraham ye nye mí ame siwo katã xɔ se la tɔ́.