Mawu ŋutɔe do ŋgɔ tsɔ Kristo la ɖo anyi be, to eƒe ku me la, woatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, ne míexɔ edzi se ko. Esia ɖee fia be Mawu wɔa nu dzɔdzɔe, elabe egbɔ dzi blewuu heŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃ siwo míewɔ tsã la dzi. Ewɔ esia be yeaɖee afia, le egbe ŋkeke siawo me, be ye ŋutɔ la, ɖe yele dzɔdzɔe, eye yebua ame si xɔ Yesu dzi se la hã be ele dzɔdzɔe.