YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 2

2
Mawu drɔ̃a ʋɔnu amewo katã
1 # Mat 7.1; Luk 6.37. Nɔvinye, wòe le ʋɔnu drɔ̃m ame bubuwoa? Ame ka kee nènye hã la, màte ŋu agblɔ be ye ya yewɔa nu dzɔdzɔe o. Ne èbu fɔ ame bubuwo la, wò ŋutɔ ɖokuiwò ko nèbu fɔe, elabe nu mawo ke ko wò, ʋɔnudrɔ̃la la, ŋutɔ hã nèwɔna. 2Míenya be Mawu tɔ ɖe wòdzɔ, ne edrɔ̃ ʋɔnu ame siwo wɔa nu siawo ƒomevi. 3Nɔvinye, ke wò, ame si le ʋɔnu drɔ̃m nu siawo wɔlawo, evɔ wò ŋutɔ nèwɔa nu mawo ke la, ɖe nèle bubum be yeate ŋu así le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nua? 4#Nya 11.23.Alo ètsɔe be Mawu nyoa dɔme ŋutɔ, doa dzi ale gbegbe, hegbɔa dzi blewuu ta, mètsɔ ɖeke le eme o? Ke mènyae be Mawu ɖe wònyo dɔme na ye hele ye kplɔm be yeatrɔ dzime oa? 5Ke esi nèsẽ to gbe be yematrɔ dzime o la, wò ŋutɔ èna tohehe, si Mawu le na wò ge le ŋkeke ma dzi la, le ŋu sẽm ɖe edzi na wò ŋutɔ ɖokuiwò. Gbe ma gbee Mawu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòaɖe eƒe dziku ɖe go afia. 6#Ps 62.12; Lod 24.12. Aɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu. 7Ame siwo ku kutri hewɔ nu nyui, eye wodi ŋutikɔkɔe, bubu kple agbe nyui nɔnɔ la, Mawu ana agbe mavɔ wo. 8Ke ame siwo dzrewɔwɔ dzɔa dzi na, eye womeɖoa to nyateƒe la o, ke boŋ wolɔ̃ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ la, Mawu ahe to na wo vevie kple dziku. 9Ame siwo katã tsɔ nuvɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la, akpe fu, eye woase veve; Yudatɔwo gbã kple ame siwo menye Yudatɔwo o la hã. 10Ke ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋutifafa anye nu nyui wɔlawo katã tɔ. Yudatɔwo gbã kple ame siwo menye Yudatɔwo o la hã. 11#Mos V, 10.17. Elabe Mawu medea ame aɖeke dzi o.
12Ame siwo katã Mose ƒe se la mebla o, eye wowɔ nuvɔ̃ la, woahe to na wo se sia manɔmee, ke ame siwo katã le se sia te, eye wowɔ nuvɔ̃ la, se siae woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu woe. 13Elabe menye ame siwo ɖoa to hesea se lae le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o, ke boŋ ame siwo wɔa se la dzi lae. 14Se sia mebla ame siwo menye Yudatɔwo o la hafi o. Ke ne woawo ŋutɔ wɔa se la dzi le dzɔdzɔme nu le wo ɖokui si la, ekema wozu sedede na wo ɖokui, togbɔ be se mele wo si hafi o hã. 15Ale si wowɔa nu ɖe se nui la ɖenɛ fiana be Mawu ŋlɔ se la ɖe woƒe dzime. Nenema ke woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase na wo tso esia ŋuti, elabe ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu bua fɔ wo, eye ɣe aɖewo ɣi hã ebua wo be wole dzɔdzɔe. 16Nu si fiam nye Nyanyui la le lae nye be alea wòava nɔ gbe ma gbe, esime Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge amegbetɔwo ƒe nya ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi.
Nu si se la gblɔ tso Yudatɔwo ŋu
17Wò la, eyɔa ɖokuiwò be Yudatɔ, èɖoa ŋu ɖe se la ŋu, eye nèdana be Mawu ƒe ame tɔxɛ yenye. 18Ènya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye nènya nu si nye nu nyuitɔ abe ale si nèsrɔ̃e tso se la me la ene. 19Èbua ɖokuiwò be yenye ŋkuagbãtɔwo kplɔla kple kekeli na ame siwo le viviti me. 20Ètsɔ ɖokuiwò wɔ ame manyanuwo hela kple ame siwo metsi haɖe o la ƒe nufialae. Ènya nyuie be nunya kple nyateƒe ɖeɖe sɔŋ le se la me. 21Ale ke wɔ wò, ame si fiaa nu ame bubuwo, màfia nu ɖokuiwò o? Èɖe gbeƒã be womegafi fi o, evɔ la, wò ŋutɔ nèle fi fim. 22Ègblɔ be womegawɔ ahasi o, gake wò ŋutɔ nèhele ahasi wɔm. Legba nyɔa ŋu na wò, ke èfiaa trɔ̃ƒemenuwo. 23Wò, ame si ƒoa adegbe be yewɔa sea dzi la, wò kee gadaa sea dzi tsɔna ɖea bubu le Mawu ŋuti. 24#Yes 52.5. Mawunya la gblɔe alea pɛ, be mi Yudatɔwo ƒe nuwɔnawo tae, ame siwo menye Yudatɔwo o la gblɔa nya vlowo ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu ɖo.
25Ne èwɔa sea dzi la, ekema viɖe le wò aʋatsotso abe Yudatɔ ene me; ke ne mèwɔa sea dzi o la, ekema èzu abe ame manye Yudatɔ si wometso aʋa na o la ene. 26Nenye be ame si menye Yudatɔ o, wɔa sea ƒe ɖoɖowo dzi la, ɖe Mawu mabui abe ame si wɔ sea dzi la ene oa? 27Azɔ ame si menye Yudatɔ o evɔ wòwɔa sea dzi la, ado ŋukpe wò, Yudatɔ si daa sea dzi, togbɔ be woŋlɔ se la de asi na wò gɔ̃ hã. 28Menye ame si nye Yudatɔ le gota gome ɖeɖe ko loo, alo ame si wotso aʋa na le ŋutilã nu abe ale si Mose ƒe se la gblɔe ene lae nye Yudatɔ akuakua o, 29#Mos V, 30.6. ke boŋ ame si nye Yudatɔ le eɖokui me, eye wòtso aʋa na eya ŋutɔ ƒe dzi lae. Aʋatsotso sia tɔgbe tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gbɔ, eye metso se, si woŋlɔ ɖi la me o. Mawue kafua ame sia tɔgbe, ke menye amewoe o.

Currently Selected:

Romatɔwo 2: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in