Romatɔwo 14
14
Mègadrɔ̃ ʋɔnu hawòvi Kristotɔwo o
1 #
Kol 2.16. Mixɔ ame si ƒe xɔse meli ke haɖe o la ɖe mia dome faa, eye migaʋli nya kplii tso nu si wòle be wòawɔ kple esi mele be wòawɔ o la ŋu o. 2Ame aɖe ƒe xɔse wɔnɛ be wòte ŋu ɖua nu sia nu faa, ke ame bubu si ƒe xɔse meli ke o la, amagbewo ko eya ɖuna. 3Ame si ɖua nu sia nu faa la, megado vlo ame si meɖua nu sia nu o, eye ame si meɖua nu sia nu o la, hã megadrɔ̃ ʋɔnu ame si ɖua nu sia nu o, elabe Mawu ŋutɔ xɔ ame si ɖua nu sia nu. 4Evɔ ɖe, ame ka ƒomevi wò ŋutɔ nènye hafi be yeadrɔ̃ ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Eya ŋutɔ ƒe aƒetɔ ŋkume wòle, eye aƒetɔa nya ne dɔla la le te loo, alo edze anyi. Madze anyi hã o, elabe Aƒetɔ la ate ŋu ana wòanɔ te.
5Nenema ke ame aɖe hã abu ŋkeke aɖe be ele vevie wu ŋkeke bubu, esime ame aɖe ya tsɔ ŋkekeawo katã ko be wosɔ. Ele be wo dometɔ ɖe sia ɖe naka ɖe nu si ta wòbui nenema ɖo la dzi. 6Ame sia ame si de asixɔxɔ ŋkeke aɖe ŋu la, wɔnɛ be yeatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋui. Nenema ke ame si ɖua nu sia nu la hã ɖunɛ be yeatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋu, elabe edaa akpe na Mawu ɖe nuɖuɖua ta. Ame sia ame si meɖua nane o la, wɔa esia be yeatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋu, eye wòdaa akpe na Mawu ɖe eta. 7Mía dometɔ aɖeke mele agbe na eɖokui o, eye ame aɖeke mekuna hã na eɖokui o. 8Ne míele agbe la, Aƒetɔ lae míele agbe na, eye ne míeku hã, Aƒetɔ lae míeku na. Azɔ la, míeɖale agbe o, míeɖaku o, Aƒetɔ la tɔ ko míenye. 9Esia ta hãe Kristo ku, eye wòfɔ gahele agbe ɖo, bene wòazu Aƒetɔ ɖe kukuawo kple agbagbeawo siaa dzi.
10 #
Kor II, 5.10. Ke wò la, nu ka ta nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò ɖo? Alo nu ka ta nèbua nɔviwò ame maɖiamee? Mawu ŋkume ko mí katã míegbɔna tsitre tsi ge ɖo, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí. 11#Yes 45.23. Elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be:
“Aƒetɔ la gblɔ be:
‘Zi ale si menyale agbe ko la,
ame sia ame le klo dze ge nam,
eye ame sia ame akafum godoo.’ ”
12Ale mía dome ame sia ame le akɔnta na ge Mawu le eɖokui ŋu.
Mègana hawòvi Kristotɔ nawɔ nuvɔ̃ o
13Eya ta mina míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ mía nɔewo. Ke boŋ mina míaɖo tame be ame aɖeke nagawɔ nane si aɖia nɔvia nu, alo nu si ana be nɔvia nawɔ nuvɔ̃ o. 14Esi wònye ɖe mewɔ ɖeka kple Aƒetɔ Yesu ta la, menya eye meka ɖe edzi bliboe be naneke menye nu makɔmakɔ le eɖokui si o. Ame si bu nane be enye nu makɔmakɔ la, eyae wòzui na. 15Ne nu si nèɖuna la nana nɔviwò sea veve la, ekema esia fia be mèlɔ̃e o. Mègana nuɖuɖu si nèɖuna la, natsrɔ̃ ame si ta Kristo ku ɖo la o. 16Eya ta migana ame bubuwo nado vlo nu si miawo miebu be enye nu nyui la o. 17Elabe Mawu ƒe fiaɖuɖu le míaƒe agbenɔnɔ me, meku ɖe nu si ame naɖu kple nu si ame nano la ŋu o. Ke nu siwo ŋu wòku ɖo lae nye: nu dzɔdzɔe si Mawu di be ame nawɔ, ame nanɔ ŋutifafa me kple Mawu kple ame nakpɔ dzidzeme; Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae hea nu siawo vanɛ. 18Ame si subɔa Kristo le nu siawo me la, eya ƒe nue nyoa Mawu ŋu, eye eya ŋue amegbetɔwo hã dea bubui. 19Ale mina míaɖoe kplikpaa be míawɔ nu si ko ahe ŋutifafa vɛ, eye gawu la, wòanye nu si akpe ɖe ame bubuwo ŋu, be woƒe xɔse nali ke. 20Migaxa ɖe nuɖuɖu ta ahagblẽ Mawu ƒe dɔ o. Le nyateƒe me la, nu sia nu ŋuti kɔ, ke menye be nuɖuɖu, si ame aɖe ɖu la, naɖia nɔvia nu wòawɔ nuvɔ̃ o. 21Nu nyuitɔ koe nye be mègaɖu lã alo ano wain alo awɔ nu bubu aɖeke, si ana nɔviwò nawɔ nuvɔ̃ o.#14.21: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo gblɔ kpe ɖe eŋu be: “… be wòatɔtɔ alo agbɔdzɔ o.” 22Na nu si dzi nèxɔ se la, nanɔ mi kple Mawu ɖeɖe ko dome. Ame si wɔa nu si wòbu be eyae nye nyuitɔ, eye eƒe dzi mebu fɔe o la, eyae nye yayrame. 23Ke ame si ke ɖi le nuɖuɖu aɖe ŋu hafi ɖui la, wobu fɔe elabe nu si wòwɔ la, metso xɔse me o. Nu sia nu si wowɔ, xɔse manɔmee la, nye nuvɔ̃.
Currently Selected:
Romatɔwo 14: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.