1
Romatɔwo 14:17-18
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Elabe Mawu ƒe fiaɖuɖu le míaƒe agbenɔnɔ me, meku ɖe nu si ame naɖu kple nu si ame nano la ŋu o. Ke nu siwo ŋu wòku ɖo lae nye: nu dzɔdzɔe si Mawu di be ame nawɔ, ame nanɔ ŋutifafa me kple Mawu kple ame nakpɔ dzidzeme; Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae hea nu siawo vanɛ. Ame si subɔa Kristo le nu siawo me la, eya ƒe nue nyoa Mawu ŋu, eye eya ŋue amegbetɔwo hã dea bubui.
Compare
Explore Romatɔwo 14:17-18
2
Romatɔwo 14:8
Ne míele agbe la, Aƒetɔ lae míele agbe na, eye ne míeku hã, Aƒetɔ lae míeku na. Azɔ la, míeɖale agbe o, míeɖaku o, Aƒetɔ la tɔ ko míenye.
Explore Romatɔwo 14:8
3
Romatɔwo 14:19
Ale mina míaɖoe kplikpaa be míawɔ nu si ko ahe ŋutifafa vɛ, eye gawu la, wòanye nu si akpe ɖe ame bubuwo ŋu, be woƒe xɔse nali ke.
Explore Romatɔwo 14:19
4
Romatɔwo 14:13
Eya ta mina míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ mía nɔewo. Ke boŋ mina míaɖo tame be ame aɖeke nagawɔ nane si aɖia nɔvia nu, alo nu si ana be nɔvia nawɔ nuvɔ̃ o.
Explore Romatɔwo 14:13
5
Romatɔwo 14:11-12
Elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Aƒetɔ la gblɔ be: ‘Zi ale si menyale agbe ko la, ame sia ame le klo dze ge nam, eye ame sia ame akafum godoo.’ ” Ale mía dome ame sia ame le akɔnta na ge Mawu le eɖokui ŋu.
Explore Romatɔwo 14:11-12
6
Romatɔwo 14:1
Mixɔ ame si ƒe xɔse meli ke haɖe o la ɖe mia dome faa, eye migaʋli nya kplii tso nu si wòle be wòawɔ kple esi mele be wòawɔ o la ŋu o.
Explore Romatɔwo 14:1
7
Romatɔwo 14:4
Evɔ ɖe, ame ka ƒomevi wò ŋutɔ nènye hafi be yeadrɔ̃ ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Eya ŋutɔ ƒe aƒetɔ ŋkume wòle, eye aƒetɔa nya ne dɔla la le te loo, alo edze anyi. Madze anyi hã o, elabe Aƒetɔ la ate ŋu ana wòanɔ te.
Explore Romatɔwo 14:4
Home
Bible
Plans
Videos