Romatɔwo 15
15
Mina míawɔ nu si adze ame bubuwo boŋ ŋu
1Ele na mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la be míakpe ɖe ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ŋu; menye be míawɔ nu si adze míawo ŋutɔ ŋu ko o. 2Le esia teƒe la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu si adze ehavi ŋu be wòanyo nɛ, eye wòali ke. 3#Ps 69.9. Kristo hã mewɔ nu si sɔ na eya ŋutɔ ko o. Woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Dzu si amewo dzu na wò la, va lɔm ɖe eme.” 4#Mak I, 12.9; Mak II, 15.9.Nu sia nu si woŋlɔ ɖi ɖe mawunya me le blema la, ɖe woŋlɔe ɖi be wòafia nunya mí, ale be mawunya la nana míanɔ te sesĩe, eye wòanɔ dzi dem ƒo na mí le nu si míele mɔ kpɔm na la ŋu. 5Mawu, ame si naa ame nɔa te sesĩe, eye wòdea dzi ƒo na ame la, nawɔe be miaƒe gbe nasɔ eye miawɔ nu si Kristo Yesu di la. 6Ale mi katã miatsɔ gbe ɖeka ado Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Tɔ́ la ɖe dzi.
Wogblɔ Nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã
7Eya ta mixɔ mia nɔewo abe ale si Kristo hã xɔ mii ene. Miwɔ esia ale be amewo nakafu Mawu. 8Mele egblɔm na mi be Kristo va zu subɔla na Yudatɔwo, be yeaɖee afia be Mawu la, nyateƒetɔ wònye, ale be woaɖo kpe ŋugbe si Mawu do na tɔgbuitɔgbuiawo la dzi, 9#Sam II, 22.50; Ps 18.49. ale be to esia wɔwɔ me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nava kafu Mawu le ale si wòvea ame nui ta. Woŋlɔ ɖe mawunya me be:
“Eya ta makafu wò
le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome,
eye madzi ha akafu wò ŋkɔ.”
10 #
Mos V, 32.43. Wogaŋlɔ ɖi hã be:
“Mi ame siwo menye Yudatɔwo o,
mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe dukɔ, si wòtia la!”
11 #
Ps 117.1. Ŋɔŋlɔ bubu be:
“Mi ame siwo katã menye Yudatɔwo o,
mikafu Aƒetɔ la,
eye mina dukɔwo katã nakafui!”
12 #
Yes 11.10. Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya hã gblɔ be:
“Isai ƒe dzidzimevi aɖe ava do,
woakɔe ɖe dzi be wòava ɖu ame siwo
menye Yudatɔwo o la dzi.
Eya ŋue woaɖo ŋu ɖo.”
13Mawu, ame si nana wokpɔa mɔ nɛ la nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me taŋ, elabe miexɔ edzi se, ale be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nado ŋusẽ mi be mɔkpɔkpɔ nagati mi o.
Paulo ɖe nu si ta wòŋlɔ nya deto siawo ɖo la me
14Nɔvinyewo, nye ŋutɔ mekpɔ kakaɖedzi blibo be miezu ame vɔ keŋkeŋ, eye mienya nu geɖe ŋutɔ, ale be miate ŋu axlɔ̃ nu mia nɔewo. 15Le agbalẽ sia me la, medo dzi ŋlɔ nu geɖe faa, be matsɔ aɖo ŋku nanewo dzi na mi. Mewɔ esia elabe Mawu ve nunye de dɔ sia asi nam be mawɔ. 16Dɔ lae nye be masubɔ Kristo Yesu le ame siwo menye Yudatɔwo o la, dome. Ale mewɔ subɔsubɔdɔ sia, heɖe gbeƒã Nyanyui si tso Mawu gbɔ la, na wo, ale be ame siwo menye Yudatɔwo o la nava zu vɔsa nyui si ŋuti Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ, eye wòdze Mawu ŋu. 17Esi wònye mía kple Kristo ye wɔ ɖeka ta la, mate ŋu aƒo adegbe le dɔ si wɔm mele na Mawu ŋuti. 18Nyemado dzi agblɔ nya aɖeke le naneke ŋuti wu nu si Kristo wɔ to dzinye, le nya siwo megblɔ kple dɔ siwo mewɔ la me, be ame siwo menye Yudatɔwo o la, naɖo to Mawu o. 19Esia va eme to dzesi kple nukunu siwo mewɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ la me. Ale mezɔ to Yerusalem yi ɖato keke Iliriko ke kpe ɖo, heɖe gbeƒã Kristo ƒe Nyanyui la wòde go keŋkeŋ. 20Nye didi vevitɔe nye be maɖe gbeƒã Nyanyui la, le afi si womese Kristo ŋkɔ le kpɔ o, be nyemagayi xɔ tu ge ɖe gɔmeɖokpe si ame bubu ɖo da ɖi xoxo la dzi o.
21 #
Yes 52.15. Woŋlɔ ɖe mawunya me be:
“Ame siwo womeɖe gbeƒã na tso eŋu kpɔ o la,
woawoe akpɔe,
eye ame siwo mese naneke tso eŋu kpɔ o la,
woawoe ase egɔme.”
Paulo ɖoe be yeayi Roma
22 #
Rom 1.13. Esia ta meɖoe zi geɖe be mava mia gbɔ, ke medze edzi nam o. 23Ke fifia esi mewu nye dɔ nu le nuto sia me vɔ, eye ƒè geɖeewo nye esi mele didim be mava kpɔ mi ɖa hafi ta la, 24madi be ne meva yina ɖe Spania la, mava kpɔ mi ɖa azɔ. Mele mɔkpɔkpɔ me be ne meva ɖo ta afi ma la, mato mia gbɔ, akpɔ mi ɖa, anɔ mia gbɔ miakpɔ dzidzɔ ʋɛ hafi miaɖom ɖe ŋgɔgbea. 25#Kor I, 16.1-4. Fifi laa la, mele mɔ dzem yina ɖe Yerusalem be matsɔ nunana aɖe ayi na ame siwo ŋu wokɔ la le afi ma. 26Makedoniatɔwo kple Axayatɔwo ɖoe be yewoadzɔ nu faa aɖo ɖe ame dahe siwo le ame siwo ŋu wokɔ la dome le Yerusalem la. 27#Kor I, 9.11. Nu wònye woawo ŋutɔ ɖo be yewoawɔ kple dzi faa. Le nyateƒe me la, edze be woawɔe vavã. Elabe ne ame siwo menye Yudatɔwo o la va le gome kpɔm le nunyoname si Mawu na woƒe gbɔgbɔwo me la, ekema edze be Yudatɔwo hã nakpɔ gome le nu nyui siwo woawo hã wokpɔ le xexe sia me la me. 28Ne mewɔ dɔ sia, hetsɔ nunana la de wo si vɔ keŋ la, ekema madze mɔ ava to mia gbɔ ahayi ɖe Spania. 29Menya be ne meva ɖo mia gbɔ la, matsɔ Kristo ƒe yayra si le Nyanyui la me la vɛ na mi, wòasɔ gbɔ fũu.
30Nɔvinyewo, le ale si míexɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se kple le lɔlɔ̃ si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na mí ta la, mele kuku ɖem na mi be miakpe ɖe ŋunye ado gbe ɖa kpakplim vevie na Mawu, ɖe tanye. 31Miwɔ esia bene ame siwo mexɔ Yesu Kristo dzi se le Yudea o la, nagawɔ nu vevim o; gawu la, be subɔsubɔdɔ si wɔ ge meyina le Yerusalem la, nadze ame siwo ŋu wokɔ la ŋu le afi ma. 32Ale be ne Mawu lɔ̃ la, mava mia gbɔ kple dzidzɔ, eye maɖi ɖe eme. 33Mawu si naa ŋutifafa la, nenɔ kpli mi katã. Amen.
Currently Selected:
Romatɔwo 15: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.