YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 13

13
Ele be ame sia ame naɖo to dziɖulawo
1 # Nya 6.3. Ele be ame sia ame naɖo to dziɖulawo, elabe dziɖuɖu aɖeke meli, si menye Mawue ɖoe anyi o. Dziɖuɖu siwo li la, Mawu ŋutɔe ɖo wo anyi. 2Eya ta ne ame aɖe tsi tre ɖe dziɖuɖu ŋu la, etsi tre ɖe nu si Mawu ɖo anyi la ŋu. Ame siwo awɔ esia la, woawo ŋutɔ ana be woadrɔ̃ ʋɔnu wo. 3Ame siwo wɔa nu nyui la, mevɔ̃a dziɖulawo o; nuvɔ̃ɖi wɔlawoe vɔ̃a wo. Èdi be ame si le dzi ɖum la, megado ŋɔdzi na ye oa? Ekema wɔ nu nyui, ne wòakafu wò. 4Dziɖula nye Mawu ƒe dɔla hena wò nyui, ke ne èwɔa nuvɔ̃ɖi la, vɔ̃ eyama, elabe wona ŋusẽe be wòawɔ eŋudɔ ale si dze. Mawu ƒe dɔtsɔla wònye be wòahe to na nuvɔ̃ɖi wɔlawo, atsɔ aɖe Mawu ƒe dziku afia. 5Le esia ta la, ehiã be ame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, menye esi Mawu magado dziku ɖe eŋu ta ɖeɖe ko o, ke boŋ esi amea ƒe dzitsinya na wònya nu si dze be wòawɔ la hã ta.
6 # Mat 22.21; Mar 12.17; Luk 20.25. Susu sia ta ke hãe miedzɔa duga ɖo, elabe dziɖulawo nye Mawu ƒe subɔla, siwo kpɔa nya siawo gbɔ. 7Nu sia nu si wòle be miaxe na ame aɖe la, mixee nɛ; ame si wòle be woadzɔ nu na la, midzɔe nɛ; ame si wòle be miana adzɔe la, mina adzɔe; ame si wòle be woasi ɖa la, misii ɖa; ame si wòle be woatsɔ bubu na la, mitsɔ bubu nɛ.
Ale si wòdze be míanɔ agbe kple mía nɔewo
8Migana ame aɖeke ƒe nu nanye fe atsi mia ŋu o. Lɔlɔ̃ dzaa ko nanye fe si anɔ mia dome. Ame si lɔ̃ ehavi la, ewɔ se blibo la katã dzi. 9#Mos II, 20.24; Mos V, 5.18; Mos II, 20.13; Mos V, 5.17; Mos II, 20.15; Mos V, 5.19; Mos II, 20.17; Mos V, 5.21; Mos III, 19.18. Se siwo Mawu de be: “Mègawɔ ahasi o; mègawu ame o; mègafi fi o; mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe nu ŋu o,” kple bubuawo katã la ƒe taƒonyae nye se sia be: “Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” 10Ame si lɔ̃ ehavi la, eyae wɔ seawo katã dzi.
11Azɔ la, miedze si ɣeyiɣi vevi si me miele. Game su be mianyɔ tso alɔ̃ me, elabe Mawu ƒe ɖeɖe la tu aƒe fifia wu esime míexɔ se teti la. 12Zã va yi vɔ; ŋu le kekem. Mina míadzudzɔ nu siwo wowɔna le viviti me la wɔwɔ, ne míatsɔ aʋawɔnu, siwo ŋudɔ wowɔna le kekeli me la akpla. 13Mina míanɔ agbe nyuie abe ame siwo le kekeli me zɔm la ene. Migana míanɔ aglo tum alo ano aha amu o. Migana míanɔ ahasi wɔm alo anɔ agbe nɔm yakayaka o. Migana míanɔ dzre wɔm alo anɔ ŋu ʋãm o. 14Ke boŋ mina míado Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nɔnɔme abe awu ene, eye migana míanɔ ŋutilã la ŋuti bum ava zu eƒe nudzroamewo dzi wɔlawo o.

Currently Selected:

Romatɔwo 13: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in