Romatɔwo 10
10
1Nɔvinyewo, nu si dim mele vevie tso nye dzime ke, eye mele kuku ɖem na Mawu tso eŋu lae nye be wòaxɔ Israel hã. 2Mate ŋu aɖi ɖase na wo be ɖe wodoa vevie mawusubɔsubɔ, ke ɖeko womenya nu tso ale si woasubɔe la ŋu nyuie o. 3Womenya mɔ si dzi Mawu tona bua ame be ele dzɔdzɔe o, eya ta mɔ si dzi woawo ŋutɔ ato adze Mawu ŋu ko dim wole, elabe womenya ale si woawɔ atsɔ wo ɖokui ana Mawu, ale be wòabu wo be wole dzɔdzɔe o. 4Elabe Kristo ye va xɔ ŋusẽ le se la si, bene ame sia ame si xɔ se ko la, woabui ame dzɔdzɔe.
Mawu xɔa ame sia ame ɖe agbe
5 #
Mos III, 18.5. Mose ŋlɔ da ɖi be ame si dzea agbagba be yeanɔ agbe ɖe sea nu pɛpɛpɛ, anɔ dzɔdzɔe la, atsi agbe. 6#Mos V, 30.12-14. Ke nu si wogblɔ tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ si ku ɖe xɔse ŋu lae nye be: “Mègagblɔ na ɖokuiwò be: ‘Ame ka alia ayi dziƒo?’ (esi fia be wòayi aɖakplɔ Kristo vɛ) o. 7Alo be: ‘Ame ka aɖi ayi tsiẽƒe?’ ” (esi fia be wòayi aɖakplɔ Kristo ado goe tso ame kukuwo dome vɛ) o. 8Nya ka boŋ gblɔm wòle? Ebe: “Mawu ƒe nya la te ɖe ŋuwò kpuie, ele wò nu me kple wò dzime.” Eyae nye xɔsenya, si míele gbeƒã ɖemee la. 9Ne èke nu ʋu eme gblɔ be Yesue nye Aƒetɔ la, eye nèxɔe se le wò dzime, be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, woaxɔ wò ɖe agbe. 10Elabe dzie ame tsɔna xɔna senae, eye wobunɛ be ele dzɔdzɔe, eye nue wòtsɔna ʋua emee eye woxɔnɛ ɖe agbe. 11#Yes 28.16. Mawunya gblɔ be: “Ame sia ame si xɔ edzi se la, maɖu ŋukpe akpɔ o.” 12Vovototo aɖeke mele Yudatɔ kple ame si menye Yudatɔ o la dome le go sia me o, elabe ame ɖeka ma ke koe nye wo katã ƒe Aƒetɔ, eye wònyoa dɔme faa na ame siwo katã yɔnɛ la. 13#Yoel 2.32. Mawunya gagblɔ be: “Ame sia ame si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ la, woaxɔe ɖe agbe.”
14Ke ale ke amewo lawɔ ayɔ ame si dzi womexɔ se o la? Ale ke amewo lawɔ axɔ ame si ŋkɔ womese kpɔ o la dzi ase? Ale ke woawɔ ase eŋkɔ, ne womeɖe gbeƒãe na wo o? 15#Yes 52.7. Ale ke woaɖe gbeƒã lae, ne womedɔ gbeƒãɖelawo ɖo ɖa o? Woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Ale gbegbe ame siwo tsɔ Nyanyui la vɛ la ƒe afɔwo nyakpɔ loo!” 16#Yes 53.1. Ke menye amewo katãe xɔ Nyanyui la o, elabe Yesaya ŋlɔe ɖi be: “Aƒetɔ, ame kae xɔ nya si míeɖe gbeƒãe la dzi se?” 17Ale amewo xɔna sena ne wose nya la, eye nu si wose la eyae nye gbeƒã si wova ɖe na wo le Kristo ŋu.
18 #
Ps 19.4. Ke mabia be: Ɖe ameawo mese nya la oa? Wosee baa. Elabe mawunya gblɔe be:
“Gbeƒãɖelawo ƒe gbe ɖi kpe xexea me katã ɖo,
eye nya si woɖe gbeƒãe la de afi sia afi,
si amegbetɔ nɔna la.”
19 #
Mos V, 32.21. Magabia ase be: “Ekema ɖe Israel-dukɔ la mese gbeƒã si woɖe la gɔme oa?” Gbã la, Mose gblɔ be:
“Mana miaʋã ŋu dukɔ,
si menye dukɔ hafi o la,
eye mana miakpɔ dziku ɖe dukɔ,
si wɔa movinu la ŋu.”
20 #
Yes 65.1. Yesaya ya do dzi gblɔ gɔ̃ be Mawu gblɔ be:
“Ame siwo medim o la,
woawoe va kpɔm.
Ame siwo mebia tanye se o la,
woawoe meɖe ɖokuinye fia.”
21 #
Yes 65.2. Egagblɔ hã le Israel ŋu be: “Meke nye abɔwo me do ɖe dukɔ si meɖɔa to o, eye wòɖea ɖeklemee la gbɔ.
Currently Selected:
Romatɔwo 10: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.