Romatɔwo 9
9
Mawu kple eƒe ame tiatiawo
1Nu si megblɔ la nye nyateƒe; nyemeka aʋatso o, elabe Kristo tɔ menye. Nye dzitsinya, si dzi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖu la, hã gblɔna nam kple kakaɖedzi be nyemele aʋatso kam o. 2Mele nu xam vevie, eye nye dzi le veve sem madzudzɔmadzudzɔe le nɔvinye, siwo nye nye ƒometɔwo le xexe sia me la ta. 3Edzrom gɔ̃ hã be le woawo ta la, Mawu naƒo fi adem faa, ahanyàm ɖa tso Kristo ŋuti hafi. 4#Mos II, 4.22. Elabe woawoe nye Israel-dukɔ, si Mawu tia, eye woawoe trɔ zu viawo. Eɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia wo, woawoe wòbla nu kplii. Woawoe Mawu tsɔ eƒe se la na hefia ale si woasubɔe la ƒe mɔnu wo. Woawoe wòdo ŋugbeawo hã na. 5Wodzɔ tso tɔgbuitɔgbui xɔŋkɔawo me, eye woawo mee Kristo dzɔ tso abe amegbetɔ ene. Woakafu Mawu, si ɖu nu sia nu dzi yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
6Mawu ƒe nya la mezu dzodzro hafi o, elabe menye ame siwo katã dzɔ tso Israel-ƒomea me lae nye Israel vi akuakuawo o. 7#Mos I, 21.12. Mawu gblɔ na Abraham be: “Isak ƒe dzidzimeviwoe anye viwòwo.” 8Egɔmee nye be menye vi siwo Abraham dzi abe amegbetɔ ene la woe nye Mawu viwo o, ke boŋ esiwo ŋugbe Mawu do nɛ hafi wòdzi wo lae nye eƒe dzidzimeviwo. 9#Mos I, 18.10. Nya si Mawu gblɔ tsɔ do ŋugbea nɛ lae nye be: “Ƒe si gbɔna ƒe ɣe alewo ɣi la magatrɔ ava, eye Sara adzi ŋutsuvi.”
10Nenema ke le Rebeka gome hã la, viŋutsuvi eve siwo wòdzi la, mía tɔgbui Isak kee nye wo tɔ́. 11#Mos I, 25.23. Togbɔ be womedzi wo haɖe o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ aɖeke o hã la, be Mawu ƒe tameɖoɖo ɖe tiatia la ŋu nayi edzi, menye ɖe dɔwɔwɔ ta o, ke boŋ ɖe eƒe yɔyɔ la ta la, 12wogblɔ nɛ be: “Xoxoetɔ ava subɔ ɖevitɔ.” 13#Mal 1.2, 3. Woŋlɔ ɖi be: “Melɔ̃ Yakob ƒe nya, ke melé fu Esau ya.”
14Nu ka míagblɔ tso esia ŋuti? Be Mawu hã wɔa nu madzɔmadzɔ loo? Gbeɖe! 15#Mos II, 33.19. Elabe egblɔ na Mose be: “Ame sinu medi be mave la, eya nue mave, eye ame si medi be makpɔ nublanui na la, eyae makpɔ nublanui na.” 16Ale be menye ame aɖe ƒe lɔlɔ̃nu alo eƒe agbagbadzedze ŋu tiatia la ku ɖo o, ke boŋ ale si Mawu vea ame nui ŋu wòku ɖo. 17#Mos II, 9.16. Mawu gblɔ na Farao le mawunya me be: “Nu si ta metsɔ wò ɖo fia lae nye be mato dziwò aɖe nye ŋusẽ ɖe go afia, ale be nye ŋkɔ nade du le xexea me katã.” 18Ale ame si Mawu di be yeakpɔ nublanui na la, eyae wòkpɔnɛ na, eye ame si wòdi be yeana wòasẽ to la, eyae wònana wòsẽa to.
Mawu doa dɔmedzoe gahekpɔa nublanui na ame hã
19Ame aɖe abiam be: “Ne ele nenema la, ekema nu ka ta Mawu gabua fɔ ame ɖo? Ame ka ate ŋu atsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti?” 20#Yes 29.16; 45.9; Nya 12.12. Wò amegbetɔ, ame ka nènye aƒo nu do ɖe Mawu gbɔ nenema? Ɖe nu si ame aɖe tsɔ anyi me la, ate ŋu abia emela la be: “Nu ka ta nèmem alea ɖo?” mahã? 21#Nya 15.7; Sir 33.13.Ɖe zemela mekpɔ mɔ atsɔ anyi, si wònyama hemlí la ame nu si wòlɔ̃ la oa? Ɖe mate ŋu atsɔ anyi si wònyama hemlí la ƒe ɖe ame ze tɔxɛ aɖe, si anyakpɔ; ke wòatsɔ esi susɔ la ame ze dzro aɖe ko hã oa? 22#Nya 12.20, 21.Nenye be Mawu le eƒe dziku kple ŋusẽ ɖe ge afia ame siwo ŋu wòdo dziku ɖo, siwo latsrɔ̃ godoo, evɔ wògahegbɔ dzi blewuu, helé wo ɖe te ɣeyiɣi didi aɖe la, nya kae le asiwò? 23Alo ne Mawu di be yeaɖe kesinɔnu, siwo le eƒe ŋutikɔkɔe la me la ɖe go afia mí ame siwo wòkpɔ nublanui na, ame siwo eya ŋutɔ yɔ tso Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, 24eye wòdzra mí ɖo ɖi, be míava xɔ ŋutikɔkɔe sia la, nya aɖe le ame aɖe si wòagblɔa? 25#Hos 2.23. Egblɔ le Hosea ƒe agbalẽ me kɔtɛe be:
“Dukɔ si menye nye dukɔ o lae mayɔ
be ‘Nye dukɔ.’
Ame siwo nyemelɔ̃ o lae mayɔ
be ‘Nye lɔlɔ̃tɔwo.’
26 #
Hos 1.10. Afi si wogblɔ na wo le be:
‘Mienye nye dukɔ o’ la,
afi ma tututue woayɔ wo le be:
‘Mawu gbagbe la viwo.’ ”
27 #
Yes 10.22, 23. Israel ŋutie Yesaya do ɣli le gblɔ be: “Togbɔ be Israelviwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene hã la, wo dome ame ʋɛ aɖewo koe lakpɔ xɔxɔ, 28elabe Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã le anyigba dzi la pɛpɛpɛ kple alɔ tsɔtsɔe, eye nya sia nya awu enu zi ɖeka.” 29#Yes 1.9. Yesaya gagblɔ nya ɖi be: “Ɖe menye Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ lae gblẽ dzidzimevi aɖewo ɖi na mí o la, anye ne míetrɔ zu abe Sodom ene, eye miasɔ kple Gomora.”
Nyanyui la nye Israelviwo hã tɔ
30Nu ka koŋ wònye gblɔm mele? Mebe ame siwo menye Yudatɔwo o, eye womele ʋiʋlim be yewoawɔ nu dzɔdzɔe o la, va zu ame dzɔdzɔewo, le xɔse si le wo si la ta. 31Ke Israelviwo, ame siwo le ʋiʋlim be yewoawɔ se dzi azu dzɔdzɔe la, mete ŋu wɔ edzi o. 32Nu ka tae wòle nenema? Elabe wometsɔ xɔse di nu si wodi lae o, ke boŋ woɖo ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe agbagbadzedze ŋu. Ale wokli kpe, si ame klina la, 33#Yes 28.16. abe ale si woŋlɔe ɖi ene be:
“Kpɔ ɖa, mele kpe,
si ame akli adze anyi la,
ɖom anyi ɖe Zion;
amewo akli kpe sia adze anyi.
Ke ame siwo ado dzi ɖe eyama ŋu la,
womaɖu ŋukpe o.”
Currently Selected:
Romatɔwo 9: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.