Romatɔwo 11
11
Mawu kpɔ nublanui na Israel-dukɔ
1 #
Fil 3.5. Ke mabia be: “Ekema Mawu ɖe wòɖe asi le eƒe dukɔ ŋu keŋkeŋ loo?” Gbeɖe! Nye ŋutɔŋutɔ hã Israeltɔ menye, henye Abraham ƒe dzidzimevi, eye metso Benyamin-to la me. 2Mawu meɖe asi le eƒe dukɔ, si eya ŋutɔ tia da ɖi la ŋu kura o. Alo ɖe mienya nya, si woŋlɔ ɖe mawunya me le Eliya ŋuti, le ale si wòʋli nya kple Mawu le Israel ta la oa? 3#Fia I, 19.10, 14. Ebe: “Aƒetɔ, wowu wò gbeƒãɖelawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo gúdugudu. Nye ɖeka koe susɔ ɖi, eye wodi be yewoawu nye hã.” 4#Fia I, 19.18. Ke ale ke Mawu ɖo eŋu nɛ? Ebe: “Nye ŋutɔ megblẽ ame akpe adrẽ, siwo mede ta agu na Baal o la ɖi na ɖokuinye.” 5Ale, le fifi ɣeyiɣiwo me hã la, egasusɔ ame ʋɛ aɖewo, siwo nu wove hetia da ɖi la. 6Mawu ɖe wòve wo nu hetia wo, ke menye le woawo ŋutɔ ƒe agbagbadzedze aɖeke ta o. Nenye be nu si wowɔ dzie Mawu kpɔ hafi tia wo la, anye ne ale si wòve wo nui la, meganye amenuvevee wònye o.
7Nu ka! Israel-dukɔ ƒe asi mete ŋu su nu si dim wònɔ la dzi o. Ame ʋɛ siwo Mawu tia la koe kpɔe, ke ena ame mamlɛawo sẽ to goŋgoŋ. 8#Mos V, 29.4; Yes 29.10. Abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya me ene la, “Mawu na wode nu gɔme se ge do kpoe; va se ɖe egbegbe la, woƒe ŋkuwo le ʋuʋu ɖi alea, ke womele nu kpɔm o; woƒe towo le keke ɖi alea, ke womele nu sem o.” 9#Ps 69.22, 23. David hã gblɔe be:
“Na woƒe nuɖukplɔ̃ gã, siwo woɖona la,
natrɔ zu gamɔ̀ aɖe wo
kple nu si woakli adze anyi,
eye woahe to na wo!
10Nà woƒe ŋku dzi natsyɔ kplo,
ale be womagate ŋu akpɔ nu o;
eye nàna woƒe fukpekpe nawɔ wo
woaxa gobaa tegbee.”
11Ale mele biabiam be: Ekema esime Israel kli nu dze anyi la, ɖe wòtsrɔ̃ gbidiia? Gbeɖe! Esi wowɔ nuvɔ̃ ta la, Mawu xɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la, bene Israeltɔwo naʋã ŋu dukɔ siawo. 12Ke ne nuvɔ̃ si wowɔ he yayra manyagblɔ vɛ na xexea me, eye ale si wode megbe tso Mawu gbɔ hã he yayra manyagblɔ vɛ na ame siwo menye Yudatɔwo o la, ekema yayrawo asɔ gbɔ wu sãa, nenye be Israeltɔwo katã va zu Mawu tɔ.
Mawu xɔ dukɔ siwo menye Yudatɔwo o la hã ɖe agbe
13Fifia la, mi ame siwo menye Yudatɔwo o lae mele nya sia gblɔm na. Esi wònye ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe amedɔdɔe menye la, mele dàdam ɖe nye subɔsubɔdɔ la dzi. 14Ɖewohĩ to esia wɔwɔ me la, mana nye ŋutɔ mía de Yudatɔwo naʋã ŋu, ale be Mawu naxɔ wo dometɔ aɖewo ɖe agbe mahĩ. 15Elabe esi Mawu ɖe asi le wo ŋu la, ŋutifafa va eya kple xexea me dome. Ke ne Mawu gbugbɔ wo gaxɔ ɖe, ale ke wòahanɔ? Ɖeko wòanɔ abe fɔfɔ tso ku me gɔ̃ ene! 16Ne nuku gbãtɔ le kɔkɔe la, ekema nuŋeŋe la katã hã le kɔkɔe. Nenema ke ne ati la ƒe ke le kɔkɔe la, ekema eƒe alɔdzeawo hã le kɔkɔe.
17Wolã ati, si wodo la ƒe alɔdze aɖewo ɖa, eye wotsɔ mi, ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo le abe ati, si wɔ le gbe me le eɖokui si ene la ƒe alɔwo do ɖe eŋu. Ale miawo hã mieva le gome kpɔm le nuɖuɖu si tso ati la ƒe ke me la me. 18Migabu be yewo tɔ nyo wu ame siwo le abe atilɔ, siwo wolã ɖa ene la, tɔ o. Ne èdi be yeada la, ekema ɖo ŋku edzi be menye yee nye ke, si lé ati la ɖe te o, ke boŋ alɔdze, si ke la lé ɖe te la, ko yenye. 19Ɖewohĩ àgblɔ be: “Ɖe wolã atilɔawo ɖa be woatsɔm ado ɖe wo teƒe.” 20Ele eme baa. Wolã wo ɖa, elabe womexɔ se o. Le gowòme la, wò xɔse tae nèle te ɖo, eya ta mele be nàdo ɖokuiwò ɖe dzi o, ke boŋ ɖe wòle be nànɔ vɔvɔ̃m. 21Elabe ne Mawu mekpɔ nublanui na Yudatɔ, siwo le abe atilɔ, siwo dzɔ kple atia la ene o la, ekema makpɔ nublanui na wò hã o. 22Kpɔ ale si Mawu nyo dɔme kple ale si eƒe asi sẽna ɖe ame dzii la ɖa! Eƒe asi sẽna ɖe ame siwo dze anyi la dzi, ke enyo dɔme na wò ya, zi ale si wò nuwɔna wɔnɛ be wòaganɔ dɔmenyo wɔm na wò kokoko. Ne manye nenema o la, woalã wò hã ɖa. 23Israelviwo kura gɔ̃ hã la, ne wotrɔ va xɔ Mawu dzi se ko la, woagagbugbɔ wo ada ɖe wo nɔƒe, elabe ŋusẽ le Mawu si be woagagbugbɔ wo ada ɖe wo nɔƒe. 24Mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, ɖe miele abe ati, si wɔ le eɖokui si le gbe me, eye wolã eƒe alɔwo va do ɖe ati, si wodo la ŋu la ene. Israel-dukɔ le abe ati, si wodo la ene. Ale be ele bɔbɔe na Mawu be wòagatsɔ ati dodo sia ƒe alɔ lalãawo agbugbɔ ado ɖe eŋuti wòanyo.
Mawu kpɔa nublanui na ame sia ame
25Nɔvinyewo, medi be magblɔ nya ɣaɣla aɖe na mi mianya, ale be miaganɔ bubum be yewonya nu ŋutɔ o. Esiae nye be: Israel-dukɔ ƒe akpa aɖe sẽ to, va se ɖe esime ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo ƒe xexlẽme de pɛpɛpɛ la nava Mawu gbɔ. 26#Yes 59.20, 21. Ne esia va eme vɔ la, ekema woaxɔ Israel-dukɔ blibo la hã ɖe agbe. Elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be:
“Ɖela la atso Zion ava,
eye wòaɖe mawumavɔmavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le
Yakob ƒe ƒome la me.
27 #
Yes 27.9. Esia anye nu, si mabla kpli wo,
ne metsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo.”
28Le Nyanyui la gome la, wozu Mawu ƒe futɔwo le mia ta. Ke le ale si wotia wo ɖi gome ya la, wonye lɔlɔ̃tɔwo le wo tɔgbuiawo ta. 29Mawu ƒe nunanawo kple ale si wòyɔa amee la, nɔa anyi ɖaa; wometrɔna o. 30Tsã la, mieɖo to Mawu o, ke azɔ la, Mawu ve mia nu, elabe Yudatɔwo meɖo to o. 31Nenema ke esi wònye ɖe wove mia nu ta la, fifia la, Yudatɔwo hã meɖo to Mawu o, ale be Mawu nave woawo hã nu abe miawo ke ene. 32Esi amewo katã gbe be yewomaɖo to Mawu o ta la, Mawu wɔ wo wozu abe gamenɔlawo ene, ale be wòate ŋu ave ame sia ame nu.
Edze be woakafu Mawu
33 #
Yes 55.8; Nya 17.1. Mawu ƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ loo! Eƒe nunya kple sidzedze me goglo loo! Ɖe ame aɖe ate ŋu akpɔ nya aɖe agblɔ, ne Mawu tso nya mea? Ame aɖeke mate ŋu ase eƒe mɔwo gɔme akpɔ o! 34#Yes 40.13. Woŋlɔ ɖe mawunya me be:
“Ame kae se Aƒetɔ la ƒe susuwo gɔme?
Ame kae ate ŋu aɖo aɖaŋu nɛ?
35 #
Hiob 41.11. Ame kae na nui kpɔ,
be wòava ɖo eteƒe na ye?”
36 #
Kor I, 8.6. Eyae wɔ nu sia nu, eyae lé nuwo katã ɖe te, eye eya me ke nu sia nu wua nu le hã. Mawu tɔe nye bubu yi ɖe mavɔ me. Amen.
Currently Selected:
Romatɔwo 11: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.