Mawunya gblɔ be: “Ame sia ame si xɔ edzi se la, maɖu ŋukpe akpɔ o.” Vovototo aɖeke mele Yudatɔ kple ame si menye Yudatɔ o la dome le go sia me o, elabe ame ɖeka ma ke koe nye wo katã ƒe Aƒetɔ, eye wònyoa dɔme faa na ame siwo katã yɔnɛ la. Mawunya gagblɔ be: “Ame sia ame si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ la, woaxɔe ɖe agbe.”