Mose V 11
11
Aƒetɔ ƒe gãnyenye
1“Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la eye nàwɔ eƒe nufiamewo, ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣe sia ɣi. 2Miɖo ŋku nyawo dzi menye mia vi siwo menya nu siawo alo mekpɔ wo teƒe o lae mele nya sia gblɔm na o. Mebe miɖo ŋku Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe amehehe kple gãnyenye, ŋusẽ triakɔ kple ŋutete dzi. 3#Mos II, 7.8—12.13. Miawo ŋutɔ miekpɔ dzesi kple nukunu siwo wòwɔ le Egipte ɖe Egipte Fiagã la kple eƒe anyigba blibo la ŋu. 4#Mos II, 14.28.Esi Egipte-ʋakɔ tsɔ woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo ti mia yome la, miekpɔ ale si Aƒetɔ na Aƒlaƒu la ŋe ɖe wo dzi, eye wòtsrɔ̃ wo keŋ va se ɖe egbe, 5kple nu si wòwɔ na mi le gbedadaƒo la va se ɖe esime mieva afii. 6#Mos IV, 16.31, 32. Miɖo ŋku nu si wòwɔ Ruben vi, Eliab, viŋutsuwo, Datan kple Abiram, la dzi. Anyigbae ke nu mi wo, wo srɔ̃wo, wo viwo, woƒe dɔlawo, woƒe lãwo kple woƒe avɔgbadɔwo keŋ le Israel-dukɔ blibo la ŋkume, 7elabe miekpɔ nukunu dziŋɔ, siwo Aƒetɔ wɔ la kple miaƒe ŋkuwo.
Yayra siwo le Ŋugbedodonyigba la dzi
8“Esia ta miwɔ se siwo katã mede na mi egbe la dzi be ŋusẽ nanɔ mia ŋu, eye miate ŋu ayi ɖaxɔ anyigba si dzi yim miele la wòazu mia tɔ. 9Ne miewɔ esia la, mianɔ agbe didi le anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, si ŋugbe Aƒetɔ do na mia tɔgbuiwo be yeatsɔ ana woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo la dzi. 10Elabe anyigba si dzi yim nèle be nàɖaxɔ wòazu tɔwò la, mele abe Egipte-nyigba si dzi nètso la ene o. Ne èƒã nu le afi ma la, ɖe kokoko nètsɔa afɔ troa mɔ̀, dea tsii abe amagbe le abɔ me ene. 11Ke le anyigba si dzi yim nèle be nàɖaxɔe wòazu tɔwò ya dzi la, towo kple baliwo li, eye wònoa tsi si dzana tso dziƒo. 12Aƒetɔ, wò Mawu la ŋutɔ léa be nɛ, eye eƒe ŋku nɔa eŋu ɣe sia ɣi tso ƒea ƒe gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu.
13 #
Mos III, 26.3-5; Mos V, 7.12-16; 28.1-14. “Eya ta milé to ɖe se siwo mede na mi egbe la ŋu. Milɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la, eye misubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, 14ekema, ana tsi adza na mi le edzaɣi, le adame kple keleme, ale be miakpɔ bli, wain kple ami fũu, 15eye gbe awɔ na wò lãwo. Àkpɔ nu aɖu aɖi ƒo ɣe sia ɣi. 16Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be dzi nagable mi, ne miatrɔ asubɔ mawu bubuwo, ade ta agu na wo o. 17Ne miewɔe la, ekema Aƒetɔ ado dziku ɖe mia ŋu, eye magana tsi nadza na mi o. Ana anyigba naƒu, eye nukuwo mawɔ o. Ale miatsrɔ̃ avɔ le afi ma kaba, le anyigba nyui si Aƒetɔ tsɔ na mi la dzi.
18 #
Mos V, 6.6-9. “Eya ta mixɔ nye nyaawo de dzime ne woanɔ miaƒe ememe ke. Mibla wo ɖe alɔnu kple ŋgonu be miate ŋu anɔ ŋku ɖom wo dzi. 19Mifia wo mia viwo. Miƒo nu le wo ŋu le miaƒe aƒewo me, alo ne miele mɔ zɔm, alo ne miemlɔ anyi, alo ne miefɔ la. 20Ŋlɔ wo ɖe wò xɔ ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo ŋu. 21Ne miewɔ esiawo la, ekema mi kple mia viwo mianɔ agbe didi le anyigba si ŋugbe Aƒetɔ do na mia tɔgbuiwo la dzi. Ale mianɔ afi ma tegbee abe ale si dziƒo le anyigba tame nɔ ge tegbee ene. 22Elabe ne miewɔ se siwo katã mede na mi egbe dzi pɛpɛpɛ, mielɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la, miewɔ nu siwo katã wògblɔ na mi, eye mieku ɖe eŋu la, 23anyà dukɔ siawo katã ɖa le mia ŋgɔ, eye miaxɔ dukɔ siwo lolo, eye wosesẽ wu mi la ƒe anyigba. 24#Yos 1.3-5. Afi sia afi si miaɖo afɔe la, azu mia tɔ. Miaƒe liƒo atso gbedadaƒo le anyigbeme ayi Lebanon le dzigbeme. Agatso Frat-tɔsisi gbɔ le ɣedzeƒe aɖase ƒu la nu le ɣetoɖoƒe. 25Aƒetɔ, mia Mawu la ana ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ si le mia ŋu la aɖo anyigba si dzi va ge miala la dzi nɔlawo katã, abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene. Ame aɖeke manɔ te ɖe mia nu o.
26“Mikpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbe. 27Ne miewɔ Aƒetɔ, mia Mawu ƒe se siwo mede na mi egbe dzi la, yayra anɔ mia dzi. 28Ke ne miewɔ eƒe seawo dzi o, eye miete ɖa le nu si meɖo na mi egbe gbɔ hesubɔ mawu bubu siwo mienya o la, fiƒode anɔ mia dzi. 29#Mos V, 27.11-14; Yos 8.33-35. Ne Aƒetɔ, wò Mawu kplɔ wò yi anyigba si dzi yim nèle dzi la, ekema tsɔ Gerizim wɔ yayratoe, eye nàtsɔ Ebal wɔ fiƒodetoe. 30To eve siawo le Yordan ƒe go kemɛ dzi le Kanaantɔ siwo le balia me la ƒe anyigba dzi. Wole ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wote ɖe More ƒe ati gãwo ŋu le Gilgal kasa. 31Esusɔ vie ko ne miatso Yordan-tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la le tsɔtsɔm na mi la. Ne miexɔe wòzu mia tɔ miele edzi la, 32ekema milé se kple ɖoɖo siwo katã meɖo mia ŋkume egbe la ɖe tame eye miawɔ wo dzi.
Currently Selected:
Mose V 11: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.