Bible App logo
Search Icon

Mose V 12

12
Mawusubɔsubɔ le teƒe ɖeka
1“Esiawoe nye se kple ɖoɖo siwo ŋu wòle be mialé fɔ ɖo awɔ wo dzi le anyigba si Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la tsɔ na mi be mianɔ edzi la dzi. 2Ne mienyà dukɔ siwo ƒe anyigba xɔm miele ɖa la, migbã teƒe siwo katã wosubɔa woƒe mawuwo le la. Togbɛwo alo to kɔkɔwo dzi ke woɖale o, ati damawo te woɖale o, mikaka wo keŋkeŋ. 3#Mos V, 7.5.Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo, eye mimu woƒe aƒeliwo. Mitɔ dzo woƒe nyɔnumawu Asera ƒe atiwo, migbã, eye mikaka woƒe legbawo ale be womagasubɔ le teƒe mawo gbeɖe o. 4Migasubɔ Aƒetɔ, mia Mawu la, abe ale si woawo subɔa woƒe mawuwoe la ene o. 5Aƒetɔ, mia Mawu la, atia teƒe ɖeka ko na mi tso miaƒe toawo dome be miava ye gbɔ asubɔ ye le afi ma. Miyi teƒe ma ɖeka ko ɖasubɔe. 6Mitsɔ miaƒe numemevɔsawo, ŋutifafavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe akpa ewolia, miaƒe nunanawo, adzɔgbeɖenuwo, nu siwo mienana faa le mia ɖokui si kple miaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo yi afi ma ɖeka ko. 7Mia kple miaƒe aƒemetɔwo miayi ɖaɖu nu nyui siwo katã Aƒetɔ yra mi, miewɔ dɔ kpɔ la le afi ma, eye miakpɔ dzidzɔ le eŋkume. 8Ne ɣe ma ɣi ɖo la, migawɔ abe ale si míele wɔwɔm le afii la ene o. Fifia ya la, ame sia ame wɔa nu sia nu si dze eŋu. 9Esia le alea elabe miekpɔ ɖo gbɔɖemeƒe, anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la le tsɔtsɔm na mi be miaɖanɔ afi ma haɖe o. 10Ne mietso Yordan-tɔsisia la, Aƒetɔ ana miatso aƒe ɖe anyigba si tsɔm wòle na mi la dzi eye mianɔ afi ma. Ana miakpɔ gbɔdzɔe tso miaƒe futɔ siwo katã ƒo xlã mi la si me, eye mianɔ anyi bɔkɔɔ le dziɖeɖi me. 11Ekema Aƒetɔ, mia Mawu la, atia teƒe ɖeka si miasubɔe le la na mi, eye miatsɔ nu siwo katã megblɔ na mi egbe la ayi afi mae. Nu siawoe nye: miaƒe numemevɔsawo, ŋutifafavɔsawo, nuwo ƒe akpa ewolia, adzɔ si mienana kple nu siwo katã mieɖea adzɔgbe nana le mia ɖokui si. 12Mi kple mia viwo kple dɔlawo kpakple Levitɔ siwo le miaƒe du me la mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ, mia Mawu la, ŋkume. Miɖo ŋku edzi be Levitɔwo maxɔ anyigba aɖeke wòanye woawo ŋutɔ tɔ le mia dome o. 13Mikpɔ nyuie ne miagasa numemevɔ le teƒe sia teƒe si miekpɔ la o. 14Misa numemevɔ le teƒe si Aƒetɔ atia le miaƒe toawo dometɔ ɖeka ƒe anyigba dzi la ko. Teƒe ma ɖeɖe ko miasa numemevɔ le, eye miawɔ nu bubu siwo katã megblɔ na mi la hã le afi ma.
15“Ke èkpɔ mɔ awu lã siwo Aƒetɔ, wò Mawu la yra wò wosu asiwò la aɖu faa le afi sia afi si nèle la. Ame si ŋu kɔ kple ame si ŋu mekɔ o la siaa kpɔ mɔ aɖu wo, abe ale si mieɖua sẽ kple zi ƒe lã ene. 16#Mos I, 9.4; Mos III, 7.26, 27; 17.10-14; 19.26; Mos V, 15.23. Gake miekpɔ mɔ aɖu woƒe ʋu ya o, ke boŋ mikɔe ɖe anyigba abe tsi ene. 17Mègaɖu nuwo ƒe akpa ewolia siwo nètsɔ na Aƒetɔ le du siwo me nèle la o. Eɖanye bli o, wain o, ami o, lãhawo o, alẽhawo o, adzɔgbeɖenuwo o, lɔlɔ̃nu faa nunanawo o, alo nu siwo nèna le ɖokuiwò si o, mègaɖu wo o. 18Ke mi kple mia viwo, miaƒe dɔla ŋutsu kple nyɔnuwo kpakple Levitɔ siwo le miaƒe du me la, miɖu nu siawo le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la, tia na mi la ɖeɖe ko le eŋkume. Kpɔ dzidzɔ le teƒe sia le nu siwo katã miete ŋu wɔ dɔ kpɔ la ŋuti. 19Ne nèle anyigba la dzi la, kpɔ nyuie be màgagblẽ Levitɔwo ɖi ɣeaɖekeɣi o.
20“Ne Aƒetɔ keke wò anyigba ɖe nu, abe ale si wòdo ŋugbee ene, eye lã dzro wò la, èkpɔ mɔ aɖu lã ale sinu nèlɔ̃ la faa. 21Ne teƒe si Aƒetɔ, mia Mawu la afia be woanɔ ye subɔm le la didi na mi akpa la, ekema miwu nyi alo alẽ siwo Aƒetɔ na mi la, ƒe ɖe abe ale si megblɔ na mi ene, eye miaɖui le miaƒe du me le afi si mielɔ̃. 22Ame si ŋu kɔ kple ame si ŋu mekɔ o la siaa kpɔ mɔ aɖui abe ale si woɖua sẽ kple zi ƒe lã ene. 23#Mos III, 17.10-14.Ke kpɔ gbɔ be yemeɖu lã la ƒe ʋu o, elabe agbe le ʋua me, eye mele be nàɖu agbe la kple lã la siaa o; 24kɔe ɖe anyigba abe tsi ene. 25Mègaɖui o, ekema Aƒetɔ akpɔ ŋudzedze le mia ŋu, eye eme anyo na mi kple miaƒe dzidzimeviwo. 26Ke wò nunana kɔkɔewo kple wò adzɔgbeɖevɔsawo ya la, tsɔ wo yi teƒe si Aƒetɔ tia la. 27Tsɔ lãa kple ʋua siaa sa numemevɔ le Aƒetɔ, wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi. Tsɔ vɔsalã la ƒe ʋu kɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi eye tsɔ lã la ɖu. 28Lé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi be wòanyo na wò kple wò dzidzimeviwo tegbee ne èwɔ nu si nyo eye wòdzɔ le Aƒetɔ, wò Mawu ŋkume.”
Sedede ɖe trɔ̃subɔsubɔ nu
29“Ne Aƒetɔ, wò Mawu la, atsrɔ̃ dukɔ siwo ƒe anyigba dzi yim nèle la le ŋgɔwò, eye nèxɔ woƒe anyigbawo, hetso duwo ɖe wo dzi, 30ne wotsrɔ̃ wo le ŋgɔwò vɔ la, kpɔ nyuie be màgawɔ woƒe mawusubɔsubɔkɔnuwo o. Mègabia woƒe mawuwo ta se be: ‘Ale ke dukɔ siawo subɔa woƒe mawuwoe?’ ale be wò hã nàsubɔ tɔwò nenema o. 31Mègasubɔ Aƒetɔ, wò Mawu la, abe ale si woawo subɔa woƒe mawu ene o, elabe ŋunyɔnu siwo katã Aƒetɔ lé fui lae, woawo wɔna le woƒe mawusubɔsubɔ me. Wotɔa dzo wo viŋutsu kple vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.
32 # Mos V, 4.2; Nyaɖ 22.18, 19. “Miwɔ nu siwo katã megblɔ na mi la dzi pɛpɛpɛ. Migatsɔ ɖeke kpee loo, alo aɖe ɖeke le wo me o.#12.32: Le Hebri Biblia me la, Ta 13.1 dze egɔme tso afi sia.

Currently Selected:

Mose V 12: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in