1
Mose V 11:19
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Mifia wo mia viwo. Miƒo nu le wo ŋu le miaƒe aƒewo me, alo ne miele mɔ zɔm, alo ne miemlɔ anyi, alo ne miefɔ la.
Compare
Explore Mose V 11:19
2
Mose V 11:18
“Eya ta mixɔ nye nyaawo de dzime ne woanɔ miaƒe ememe ke. Mibla wo ɖe alɔnu kple ŋgonu be miate ŋu anɔ ŋku ɖom wo dzi.
Explore Mose V 11:18
3
Mose V 11:13-14
“Eya ta milé to ɖe se siwo mede na mi egbe la ŋu. Milɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la, eye misubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, ekema, ana tsi adza na mi le edzaɣi, le adame kple keleme, ale be miakpɔ bli, wain kple ami fũu
Explore Mose V 11:13-14
4
Mose V 11:1
“Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la eye nàwɔ eƒe nufiamewo, ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣe sia ɣi.
Explore Mose V 11:1
5
Mose V 11:26-28
“Mikpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbe. Ne miewɔ Aƒetɔ, mia Mawu ƒe se siwo mede na mi egbe dzi la, yayra anɔ mia dzi. Ke ne miewɔ eƒe seawo dzi o, eye miete ɖa le nu si meɖo na mi egbe gbɔ hesubɔ mawu bubu siwo mienya o la, fiƒode anɔ mia dzi.
Explore Mose V 11:26-28
6
Mose V 11:20-21
Ŋlɔ wo ɖe wò xɔ ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo ŋu. Ne miewɔ esiawo la, ekema mi kple mia viwo mianɔ agbe didi le anyigba si ŋugbe Aƒetɔ do na mia tɔgbuiwo la dzi. Ale mianɔ afi ma tegbee abe ale si dziƒo le anyigba tame nɔ ge tegbee ene.
Explore Mose V 11:20-21
7
Mose V 11:16
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be dzi nagable mi, ne miatrɔ asubɔ mawu bubuwo, ade ta agu na wo o.
Explore Mose V 11:16