Bible App logo
Search Icon

Mose V 10

10
Mose gaxɔ seawo
(Mos II, 34.1-10)
1“Azɔ la, Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Kpa kpe eve abe gbãtɔwo ene, eye nàtsɔ ʋuƒo akpa aɖaka kpe ɖe wo ŋu. Gbugbɔ va gbɔnye le toa dzi, 2ne maŋlɔ nya siwo nɔ kpe gbãtɔ siwo nègbã dzi la ɖe wo dzi nàtsɔ de aɖaka la me.’ 3Ale metsɔ xé kpa aɖaka la, eye mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene. Metsɔ kpe eveawo helia to la. 4Aƒetɔ ŋlɔ nya siwo wòŋlɔ ɖe kpe gbãtɔawo dzi tsã la ɖe kpe eveawo dzi. Nyaawoe nye Se Ewo siwo wòde na mi esime mieƒo ƒu gbe ma gbe ɖe toa gbɔ, eye wòƒo nu na mi tso dzo me. Aƒetɔ tsɔ kpeawo nam. 5Tete meɖi tso to la dzi. Metsɔ kpe eveawo de aɖaka si mekpa la me, abe ale si Aƒetɔ gblɔ nam ene. Kpeawo gale afi ma ɖa.”
6Israelviwo ho tso Yaakantɔwo ƒe vudowo gbɔ heva Mosera. Aron ku ɖe afi ma, eye woɖii ɖi. Via Eleazar zu nunɔla ɖe eteƒe. 7Esi wodzo le afi ma la, wova Hagudgod, eye wogaho tso Hagudgod va Yotba, afi si tɔʋu geɖe le. 8#Mos IV, 3.5-8.Le toa gbɔ la, Aƒetɔ tia Levi-to la be woawo nanye nubablaɖaka la dzikpɔlawo, anɔ ye subɔm abe nunɔlawo ene, eye woayra ame le yeƒe ŋkɔ me. Dɔ sia gale wo si me va se ɖe egbe. 9Esia tae Levi-to la mexɔ anyigba aɖeke abe to bubuawo ene o ɖo. Woƒe gome nye be woanye Aƒetɔ ƒe nunɔlawo abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la do ŋugbe na wo ene.
10 # Mos II, 34.28. “Metsi toa dzi ŋkeke bla ene, zã bla ene abe tsã ene. Aƒetɔ se nye kukuɖeɖe ɣe ma ɣi hã, eye wòlɔ̃ be yemagatsrɔ̃ wò o. 11Tete wògblɔ nam be matso ne makplɔ mi ayii, ne miaɖaxɔ anyigba si ŋu yeka atam le na mia tɔgbuiwo be yeatsɔe na wo wòazu wo tɔ la.
Nu si Mawu di
12“Azɔ Israelviwo, nu ka dim Aƒetɔ, wò Mawu la le tso asiwò wu be nàvɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, awɔ nu siwo katã wògblɔ na wò la, alɔ̃e, asubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, eye 13nàwɔ eƒe se kple ɖoɖowo siwo ƒe se mede na wò egbe la dzi be wòanyo na wò? 14Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒo nye Aƒetɔ, mia Mawu la tɔ. Nenema ke anyigba kple nu siwo katã le edzi hã la, etɔwoe wonye. 15Ke Aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃ na mia tɔgbuiwo de to ale gbegbe be wòtia mi, woƒe dzidzimeviwo ko, tso dukɔwo katã dome, eye mieganye eƒe ame tiatiawo va se ɖe egbe. 16Eya ta azɔ la, mitso aʋa na miaƒe dziwo na Aƒetɔ, eye migadze aglã ɖe eŋu o. 17#Tim I, 6.15; Nyaɖ 17.14; 19.16; Dɔw 10.34; Rom 2.11; Gal 2.6; Efes 6.9. Elabe Aƒetɔ, mia Mawu la ɖu mawuwo katã dzi, eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe aƒetɔwo katã dzi. Enye Mawu triakɔ si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le. Medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu o. 18#Sir 35.12-15.Etsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, elɔ̃a amedzro, naa nu wòɖuna kple avɔ wòtana. 19Eya ta milɔ̃ amedzro elabe miawo hã mienye amedzro kpɔ le Egipte. 20Vɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, eye nàsubɔ eya ɖeɖe ko. Ku ɖe eŋu, eye nàtsɔ eya ko ƒe ŋkɔ ka atam. 21Eyae nàkafu. Wò Mawue! Wò ŋutɔ èkpɔ nukunu dziŋɔ siwo katã wòwɔ na wò. 22#Mos I, 46.27; Mos I, 15.5; 22.17. Esime tɔgbuiwòwo yina Egipte la, woƒe xexlẽme nɔ bla adrẽ ko hafi woyi. Ke azɔ la, Aƒetɔ, wò Mawu la na nèdzi, sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene.

Currently Selected:

Mose V 10: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in