Bible App logo
Search Icon

Mose V 1

1
1Esiawo nye nya siwo Mose gblɔ na Israel-dukɔ la, esime wonɔ gbedadaƒo le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome. Le ɣe ma ɣi la, wonɔ Yordan-bali me le Suf gbɔ. Paran-du le woƒe akpa ɖeka, Tofel, Laban, Xazerot kple Disahab le woƒe akpa evelia, eye woawo le domedome. 2Mɔzɔzɔ tso Xoreb gbɔ to Seir-nyigba dzi yi Kades-Barnea xɔa ŋkeke wuiɖekɛ. 3Esi Israelviwo ʋu tso Egipte, le ƒe bla enelia me, le ɣleti wui ɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Mose gblɔ nya siwo katã Aƒetɔ to nɛ be negblɔ na Israelviwo la na wo. 4#Mos IV, 21.21-35.Mose gblɔ nya siawo na wo esi wòɖu Sixon, Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Xesbon kple Og, Basan-fia si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe. 5Esime dukɔa le Yordan ƒe ɣedzeƒe le Moab-nyigba dzi lae Mose de asi se la me ɖeɖe kple efiafia me be: 6“Aƒetɔ, mía Mawu la gblɔ na mí le Xoreb be: ‘Mienɔ to sia gbɔ eteƒe didi. 7Mitrɔ ne miaho adzo. Miyi Amoritɔwo ƒe tonyigba kple anyigba siwo katã ƒo xlã wo le nuto ma me la dzi. Teƒe siawoe nye: Yordan-bali me, toawo dzi, gbadzaƒeawo, anyigba si le anyigbemekegbegbe ɖo ta Domeƒu ŋu. Miyi Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi eye miato wo ŋu aɖo ta Lebanon ava se Frat-tɔsisi gã la nu. 8Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la ɖo mia ŋkume. Miyi ne miaxɔ anyigba si ŋu, Aƒetɔ, ka atam ɖo na mia tɔgbuiwo Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ na woawo kple woƒe dzidzimeviwo la.’
Mose tia ʋɔnudrɔ̃lawo
(Mos II, 18.13-27)
9“Ɣe ma ɣi la, megblɔ na mi be: ‘Nye ɖeka nyemate ŋu anɔ mia nu akplɔ mi o. 10Aƒetɔ, mia Mawu la na miedzi ɖe edzi, eye kpɔ ɖa, egbe la, mieva sɔ gbɔ fũu abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene. 11Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la nena miasɔ gbɔ ɖe edzi zi akpe nane, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbe na mii ene. 12Ke ale ke nye ɖeka mate ŋu atsɔ miaƒe fuɖenamewo ƒe agba, eye makpɔ miaƒe dzrewɔnyawo gbɔe? 13Miɖe ame nam tso to sia to me ne matsɔ wo aɖo mia nu. Ame siawo nanye nunyala siwo sea nu gɔme, eye wokpɔ nuteƒe nyuie.’ 14Tete mieda asi ɖe nye nya la dzi be edze yewo ŋu. 15Ale mexɔ nunyala kple nuteƒekpɔla siwo mieɖe nam tso toawo me, heɖo wo tatɔwoe ɖe mia nu. Wo dometɔ aɖewo le ame akpe nu, ɖewo le ame alafa nu, bubuwo le ame bla atɔ̃ nu eye ɖewo hã le ame ewo nu. Meɖo dɔwɔla bubuwo hã ɖe toawo dometɔ ɖe sia ɖe me. 16Megblɔ na ʋɔnudrɔ̃laawo le ɣe ma ɣi me be: ‘Ne dzre dzɔ ɖe amewo dome la, mide to nya la me na wo. Midrɔ̃ nya ɖe sia ɖe dzɔdzɔe. Miawo ŋutɔ mia nɔviwo domenyae o, amedzrowo ƒe nyae o, migakpɔ ame aɖeke ŋkume o. 17Migadrɔ̃ ame le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Midrɔ̃ amegãwo kple ame bubuawo katã ƒe nya sɔsɔe. Migasi ame aɖeke o, elabe Aƒetɔ gbɔe miaƒe nyametsotso latso. Ne nya aɖe dɔdrɔ̃ sesẽ akpa na mi la, mihee vɛ nam.’ 18Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ nu bubu siwo katã hã wòle be miawɔ la na mi.
Ŋkutsalawo dɔdɔ tso Kades-Barnea
(Mos IV, 13.1-33)
19“Míewɔ nu si Aƒetɔ, mía Mawu la gblɔ na mí la pɛpɛpɛ. Míeho tso Xoreb eye míeto gbedadaƒo dziŋɔ gã la heɖo ta Amoritɔwo ƒe tonyigba la dzi va ɖo Kades-Barnea. 20Megblɔ na mi be: ‘Mieva ɖo Amoritɔwo ƒe tonyigba si Aƒetɔ, mía Mawu, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la, le tsɔtsɔm na mí la dzi vɔ. 21Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, mia Mawu la tsɔ anyigba si le mia ŋkume la na mi. Miyi ɖaxɔe wòanye mia tɔ abe ale si Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la do ŋugbee na mi ene. Migavɔ̃ o; ŋɔ hã megadzi mi o!’ 22Ke mi katã mieva gbɔnye hegblɔ nam be: ‘Na míadɔ amewo ɖe mía ŋgɔ be woayi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi, ale be woava gblɔ mɔ si míato kple du siwo tɔgbe le afi ma la na mí.’ 23Nya la dze ŋunye eya ta meɖe ŋutsu wui eve, to ɖeka ame ɖeka, le mia dome. 24Mena woyi tonyigba la dzi ɖado ɖe keke Eskol-bali me ke, eye wotsa le anyigba la dzi. 25Wotsɔ kutsetse siwo wokpɔ le afi ma la ƒe ɖewo vɛ na mí, eye wogblɔ be: ‘Anyigba si Aƒetɔ, mía Mawu la, tsɔ na mí la nyo ŋutɔ.’
26 # Mos V, 9.23; Heb 3.16. “Ke miawo miedze aglã ɖe Aƒetɔ, mia Mawu ƒe nya la ŋu eye miegbe be yewomayi anyigba la dzi o. 27Mielĩ liʋiliʋĩ le miaƒe agbadɔwo me be: ‘Aƒetɔ lé fu mí. Eya tae wòkplɔ mí tso Egipte be yeatsɔ de asi na Amoritɔwo ne woatsrɔ̃ ɖo. 28Nu ka ta míele afi ma yim? Vɔvɔ̃ ɖo mí! Elabe míaƒe amedɔdɔawo va gblɔ be dukɔa me tɔwo sɔ gbɔ wu mí, eye wodzɔ atsu wu mí hã. Woƒe duwo lolo eye gli ƒo xlã wo ɖatɔ keke dziŋgɔli ke. Gawu la, wobe yewokpɔ Enak viwo hã le afi ma.’ 29Ke nyea megblɔ na mi be: ‘Migavɔ̃ ame mawo o. Milé dzi ɖe ƒo. 30Aƒetɔ, mia Mawu la, adze mia ŋgɔ eye wòawɔ aʋa na mi abe ale si wòwɔ le Egipte 31#Dɔw 13.18. kple gbedadaƒo la miekpɔ ene. Miekpɔ ale si wòkplɔ mí le míaƒe mɔzɔzɔ bliboa me dedie va ɖo afii, abe ale si vi tɔ́ wɔna na via ene.’ 32#Heb 3.19.Togbɔ be wòwɔ nu siawo katã na mi hã la, miebui o, eye miegbe ŋuɖoɖo ɖe eŋu. 33Evɔ wònye eyae dzea ŋgɔ na mi, eye wòfiaa afi si miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi hafi. Enɔa dzobibi me le zã me, eye wònɔa alilikpo me le ŋkeke me be yeafia mɔ si miato la mi.
Aƒetɔ he to na Israelviwo
(Mos IV, 14.20-45)
34 # Heb 3.18. “Esi Aƒetɔ se miaƒe nyawo la, dzi kui eye wòka atam be: 35‘Ne dzidzime vɔ̃ɖi sia me tɔ aɖe aɖo afɔ anyigba nyui si ŋugbe medo be matsɔ na wo tɔgbuiwo la dzi fĩi. 36Kaleb, Yefune vi, koe lade. Eya ɖeka koe wɔ nuteƒe nam, eya ta matsɔ anyigba si dzi wòde la na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo.’ 37Le miaƒe nuwɔna ta la, Aƒetɔ do dziku ɖe nye hã ŋu gblɔ be: ‘Mose, wò gɔ̃ hã made afi ma o. 38Ke de dzi ƒo na wò kpeɖeŋutɔ Yosua, Nun vi la, elabe mana eya nade afi ma eye wòana Israelviwo naxɔ anyigba la.’ 39Tete Aƒetɔ gblɔ na mí katã be: ‘Mia vi suesue siwo mele naneke nyam o, eye miegblɔ le wo ŋu, be yewoƒe futɔwo gbɔna wo fɔ ge akplɔ yi aboyome la, woawo boŋ lade anyigba la dzi. Woawoe matsɔ anyigba la na woanɔ edzi. 40Ke mi ame siawo ya la, mitrɔ ne miaho ato Aƒlaƒu la gbɔ mɔ aɖo ta gbedadaƒo la.
41“Tete mieɖo eŋu nam be: ‘Míewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu. Azɔ la, míayi aɖawɔ aʋa la abe ale si Aƒetɔ gblɔ na mí ene.’ Ale mia dome ame sia ame bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu nɔ bubum be tonyigba la xɔxɔ anɔ bɔbɔe. 42Ke Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Gblɔ na wo be womegayi aʋa la o, elabe nyemanɔ wo dome o! Ne woyi la, futɔwo lasi wo.’ 43Megblɔ Aƒetɔ ƒe nya la na mi, ke mietsɔ ɖeke le eme o. Miedze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu, eye miezɔ ɖo ta tonyigba la dzi dàdatɔe. 44Tete Amoritɔ siwo nɔ togbɛawo dzi la do bibibi abe anyiwo ene va kpe mi. Wonyà mi ɖe du nu va ɖo keke Xorma ke, eye woɖu mia dzi le Seir-tonyigba dzi. 45Ale miegbugbɔ va fa avi na Aƒetɔ be wòaxɔ na mi, ke mesee kaka wòahayi ɖe tsɔ ge le eme na mi o.
Ƒe siwo Israelviwo nɔ kegbegbe la
46“Ale míenɔ Kades ŋkeke geɖe le miaƒe afi ma nɔnɔ me ɣe ma ɣi.

Currently Selected:

Mose V 1: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in