Bible App logo
Search Icon

Mose V KPƆKPLƆYIƉEME

KPƆKPLƆYIƉEME
Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia nye agbalẽ si me Mose ƒe nuƒo vovovowo na Israel-dukɔ la le. Mose gblɔ nya vovovoawo na dukɔ la le Moab-nyigba dzi esime wozɔ mɔ didi la to gbedadaƒo vɔ megbe, eye wova tɔ ɖe afi ma nɔ dzadzram ɖo be yewoage ɖe Kanaan-nyigba dzi axɔe.
Nya vevi siwo le agbalẽa me la dometɔ aɖewo nye:
(1) Mose ɖo ŋku nyadzɔdzɔ vevi siwo ɖi kpe wo le ƒe bla ene mɔzɔzɔa me la dzi. Ebia tso wo si be woaɖo ŋku ale si Mawu kplɔ wo to gbedadaƒo lae la dzi, eye woaɖo toe, awɔ nuteƒe nɛ.
(2) Mose gaƒo nu le Se Ewoawo ŋu, eye wòte gbe ɖe se gbãtɔ dzi, hebia tso dukɔa si be woasubɔ Aƒetɔ ɖeka ko. Egaƒo nu le se vovovo siwo dzi woawɔ be agbenɔnɔ nadze dzi na wo le anyigba si ŋugbe Mawu do na wo dzi la ŋu.
(3) Mose gaɖo ŋku nu si ta Mawu bla nu kple dukɔa dzi na wo, eye wòbia tso wo si be woawo hã nawɔ wo tɔ gome le nubabla la me.
(4) Mose ɖo Yosua wòzu dukɔa kplɔla ɖe eteƒe. Mose dzi kafukafuha tsɔ ɖe Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ fia, eye wòƒo nu bia yayra na Israel-toawo. Esia megbe Mose ku le Moab-nyigba dzi le Yordan-tɔsisi ƒe ɣedzeƒe gome.
Agbalẽa ƒe nyati vevitɔe nye be Mawu xɔ eƒe dukɔ si wòtia, eye wòlɔ̃ la ɖe agbe heyrae. Esia ta ele be dukɔa naɖo ŋku esia dzi ale be eya hã nalɔ̃e, aɖo toe be woanɔ agbe, eye eƒe yayra nanɔ wo dzi tegbee.
Mawunyakpukpui vevitɔ siwo le agbalẽa me la woe nye: 6.4-6. Yesu fia nu le mawunyakpukpui siawo ŋu, eye wòyɔ wo be seawo katã ƒe vevitɔ. Se siae nye: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã.”
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Mose ƒe nuƒo gbãtɔ 1.1—4.49
Mose ƒe nuƒo evelia 5.1—26.19
a. Se Ewoawo 5.1—10.22
b. Sewo, ɖoɖowo, nuxlɔ̃amenyawo 11.1—26.19
Ɖoɖo si wowɔ na Israelviwo le gege ɖe Kanaan-nyigba dzi ŋu 27.1—28.68
Wogbugbɔ nubabla la wɔ yeyee 29.1—30.20
Mose ƒe nya mamlɛawo 31.1—33.29
Mose ƒe ku 34.1-12

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in