1
Mose V 1:30-31
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Aƒetɔ, mia Mawu la, adze mia ŋgɔ eye wòawɔ aʋa na mi abe ale si wòwɔ le Egipte kple gbedadaƒo la miekpɔ ene. Miekpɔ ale si wòkplɔ mí le míaƒe mɔzɔzɔ bliboa me dedie va ɖo afii, abe ale si vi tɔ́ wɔna na via ene.’
Compare
Explore Mose V 1:30-31
2
Mose V 1:11
Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la nena miasɔ gbɔ ɖe edzi zi akpe nane, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbe na mii ene.
Explore Mose V 1:11
3
Mose V 1:6
“Aƒetɔ, mía Mawu la gblɔ na mí le Xoreb be: ‘Mienɔ to sia gbɔ eteƒe didi.
Explore Mose V 1:6
4
Mose V 1:8
Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la ɖo mia ŋkume. Miyi ne miaxɔ anyigba si ŋu, Aƒetɔ, ka atam ɖo na mia tɔgbuiwo Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ na woawo kple woƒe dzidzimeviwo la.’
Explore Mose V 1:8
5
Mose V 1:17
Migadrɔ̃ ame le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Midrɔ̃ amegãwo kple ame bubuawo katã ƒe nya sɔsɔe. Migasi ame aɖeke o, elabe Aƒetɔ gbɔe miaƒe nyametsotso latso. Ne nya aɖe dɔdrɔ̃ sesẽ akpa na mi la, mihee vɛ nam.’
Explore Mose V 1:17