Bible App logo
Search Icon

Mose V 2

2
1 # Mos IV, 21.4. “Tete míetrɔ, eye míeho ɖo ta gbedadaƒo la. Míeto Aƒlaƒu la gbɔ mɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ nam ene, eye míenɔ tsatsam le Seir-tonyigba la dzi eteƒe didi ŋutɔ. 2Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: 3‘Mietsa le to sia tame eteƒe didi eya ta mitrɔ ɖo ta dzigbeme.’ 4#Mos I, 36.8.Eto nam be magblɔ na mi be: ‘Miele mia nɔvi Esau ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi to ge. Tonyigba dzie wole. Wole mia vɔ̃ ge; mikpɔ nyuie, 5be miagawɔ aʋa kpli wo o. Nyemele woƒe anyigba afɔ ɖeka pɛ teti hã tsɔ ge na mi o, elabe metsɔ Edom-nyigba la na Esau ƒe dzidzimeviwo xoxo. 6Miate ŋu aƒle nu le wo si aɖu alo adze tsi le wo si ano ya faa. 7Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ, mia Mawu la yra miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã. Eyae kpɔ mia ta le miaƒe mɔzɔzɔ me le gbedadaƒo gã la, eye wònɔ kpli mi le ƒe bla ene siawo me ale be naneke mehiã mi o.’ 8Ale míeyi azɔlia dzi. Míedzo le mía nɔvi Esau ƒe dzidzimeviwo, ame siwo le Seir gbɔ, gblẽ Araba-mɔ si tso Elat yi Ezeon-Geber ɖi, eye míeɖo ta Moab-gbegbe. 9#Mos I, 19.37. Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Migaɖe fu na Moabtɔwo o, eye migawɔ aʋa kpli wo o. Lot ƒe dzidzimeviwo wonye. Metsɔ Ar-du na wo, eye nyematsɔ woƒe anyigba la ƒe akpa ɖeke na mi o.’ ”
10(Tsã la, ame dzɔtsu aɖewo nɔ Er siwo woyɔna be Emitɔwo. Ame siawo sɔ gbɔ eye wokɔ abe Enakitɔwo ene. 11Wobua woawo hã ɖe Refaimtɔwo me, ke Moabtɔwo yɔa wo be Emitɔwo. 12Tsã la, Xoritɔwo nɔ Edom-nyigba dzi, ke Esau ƒe dzidzimeviwo nyà wo ɖa, gbã woƒe dukɔa hexɔ woƒe nɔƒea wòzu wo tɔ, abe ale si Israelviwo hã nyà woƒe futɔwo ɖa le anyigba si Aƒetɔ na wo la dzi ene.) 13Azɔ míedze mɔ eye míetso Sered-tɔʋu le Aƒetɔ ƒe gbeɖeɖe nu. 14#Mos IV, 14.28-35.Ƒe bla etɔ̃ vɔ enyi nye esi esime míeʋu tso Kades-Barnea. Le ɣeyiɣi sia me la, aʋawɔlawo katã ku vɔ le asaɖa la me abe ale si Aƒetɔ ka atam na wo be ava eme ene. 15Le nyateƒe me la, Aƒetɔ tsi tre ɖe wo ŋu, eye wòna wotsrɔ̃ vɔ keŋ le asaɖa la me.
16“Esi aʋawɔlaawo katã ku le dukɔa me vɔ la, 17Aƒetɔ gblɔ nam be: 18‘Egbe la, èle Ar to ge, ato Moab-nutome ayi. 19#Mos I, 19.38. Minɔ tetem ɖe Amonviwo ƒe anyigba ŋu. Migaɖe fu na wo loo, alo awɔ aʋa kpli wo be yewoaxɔ woƒe anyigba o. Lot ƒe dzidzimeviwo wonye eya ta nyemaxɔ anyigba si metsɔ na wo la le wo si atsɔ na mi o.’ ” 20(Amewo bua anyigba sia hã be enye Rafaim siwo nye ame dzɔtsuwo la ƒe anyigba, elabe ame dzɔtsuwoe nɔ edzi tsã. Amontɔwo yɔa wo be Samsumtɔwo. 21Wokɔ abe Enakitɔwo ene. Wosɔ gbɔ ŋutɔ, eye wonye dukɔ sesẽ. Ke Aƒetɔ tsrɔ̃ wo ɖa keŋ, eye Amontɔwo va xɔ teƒea. 22Aƒetɔ wɔ nu sia tɔgbe ke na Edomtɔwo siwo nye Esau ƒe dzidzimeviwo hã. Etsrɔ̃ Xoritɔwo ɖa ale be Edomtɔwo va xɔ wo teƒe hetsi afi ma va se ɖe egbe. 23Ame siwo tso Kreta-ƒukpo dzi la va tso kɔƒewo ɖe anyigba siwo le Domeƒu ŋu la dzi. Do ŋgɔ la, wotsrɔ̃ Avitɔ siwo nye afi ma tɔwo koŋ la ɖa, eye woxɔ woƒe anyigba la katã va ɖo keke Gaza ke le anyigbeme.) 24Esi míeto Moab-nyigba me yi vɔ la, Aƒetɔ gblɔ na mí be: ‘Migahoe ɖe edzi ne miatso Arnon-tɔʋu la. Mikpɔ ɖa, metsɔ Amoritɔ Sixon, si nye Xesbon-fia kple eƒe anyigba de mia si. Mikpe aʋa kplii ne miadze eƒe anyigba la xɔxɔ gɔme. 25Tso egbe dzi la, mana ŋɔdzi anɔ mia ŋu le afi sia afi le xexea me. Ame sia ame si ase mia ŋkɔ la vɔvɔ̃ aɖoe, wòadzo nyànyanya.’
Israelviwo ɖu fia Sixon dzi
(Mos IV, 21.21-30)
26“Tete medɔ amewo tso Kedemot-gbedadaƒo ɖo ɖe Xesbon-fia, Sixon. Megblɔ kple gbe bɔbɔe ɖo ɖee be: 27‘Na ne míato wò anyigba me ayi. Míalé mɔ tẽe ko ayi; míele dzedze ge ato afi bubu aɖeke o. 28Míaƒle nuɖuɖu ya le mia si aɖu, eye miadze tsi hã le mia si ano. Nu si ko míedi be nàwɔ na mí lae nye be nàɖe mɔ na mí be míazɔ ato wò anyigba dzi dzaa ko, 29va se ɖe esime miatso Yordan-tɔsisi la ayi anyigba si Aƒetɔ, mía Mawu la le tsɔtsɔm na mí la dzi. Ɖe mɔ na mí abe ale si Esau ƒe dzidzimevi siwo le Edom kple Moabtɔ siwo le Ar la ɖe mɔ na mí míeto woƒe anyigba dzi yi ene.’ 30Ke fia Sixon melɔ̃ be míava to yeƒe anyigba me ayi o, elabe Aƒetɔ, mia Mawu la na eƒe dzime sẽ, eye wòdze aglã. Mawu wɔ esia be miakpɔ mɔnu aɖu edzi, axɔ eƒe anyigba, abe ale si miexɔe wòle mia si va se ɖe egbe ene. 31Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Kpɔ ɖa, Sixon kple eƒe dukɔ la mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o. Xɔ eƒe anyigba wòazu tɔwò.’ 32Sixon kple eƒe aʋawɔlawo katã ho va kpe aʋa kpli mí le Yaza gbɔ. 33Ke Aƒetɔ, mía Mawu la, tsɔe de asi na mí, ale be míewu eya ŋutɔ, via ŋutsuwo kple eƒe amewo katã. 34Le ɣe ma ɣi me la, míexɔ eƒe duwo katã hegbã wo keŋ; míewu ŋutsu kple nyɔnu kpakple ɖeviwo siaa. Míena ame aɖeke tsi agbe o. 35Ke míelé lãwo, eye míeha duawo. 36Aƒetɔ, mía Mawu la na míexɔ duwo tso Aroer le Arnon-tɔʋu to kple balimedua gbɔ va se ɖe Gilead. Duawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe gliwo gbagbã nɔ bɔbɔe na mí. 37Ke míete ɖe Amonviwo ƒe anyigba loo, alo anyigba siwo le Yabok-tɔsisi to loo, alo tonyigba dzi duwo loo, alo teƒe bubu siwo ŋu Aƒetɔ de se le be míagate ɖo o la, ŋu o.

Currently Selected:

Mose V 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in